< John 1 >

1 From the first he was the Word, and the Word was in relation with God and was God.
Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.
2 This Word was from the first in relation with God.
Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me.
3 All things came into existence through him, and without him nothing was.
To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o.
4 What came into existence in him was life, and the life was the light of men.
Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli.
5 And the light goes on shining in the dark; it is not overcome by the dark.
Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.
6 There was a man sent from God, whose name was John.
Ame aɖe va dzɔ si Mawu dɔ ɖo ɖa. Eŋkɔe nye Yohanes.
7 He came for witness, to give witness about the light, so that all men might have faith through him.
Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase.
8 He himself was not the light: he was sent to give witness about the light.
Menye Yohanes ye nye kekeli la o. Eya la, ɖeko wòva be yeaɖi ɖase le kekeli la ŋu.
9 The true light, which gives light to every man, was then coming into the world.
Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me.
10 He was in the world, the world which came into being through him, but the world had no knowledge of him.
Enɔ xexea me, gake xexea me mekpɔe dze sii o, evɔ eya dzi woto wɔ xexea me.
11 He came to the things which were his and his people did not take him to their hearts.
Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o.
12 To all those who did so take him, however, he gave the right of becoming children of God — that is, to those who had faith in his name:
Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo,
13 Whose birth was from God and not from blood, or from an impulse of the flesh and man's desire.
ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.
14 And so the Word became flesh and took a place among us for a time; and we saw his glory — such glory as is given to an only son by his father — saw it to be true and full of grace.
Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
15 John gave witness about him, crying, This is he of whom I said, He who is coming after me is put over me because he was in existence before me.
(Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’”)
16 From his full measure we have all been given grace on grace.
Ena yayra geɖe mí tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me.
17 For the law was given through Moses; grace and the true way of life are ours through Jesus Christ.
Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.
18 No man has seen God at any time; the only Son, who is on the breast of the Father, he has made clear what God is.
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.
19 And this is the witness of John when the Jews sent priests and Levites from Jerusalem to him with the question, Who are you?
Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem la dɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ be woabiae be, “Ame kae nènye?”
20 He said quite openly and straightforwardly, I am not the Christ.
Megbe o, ke boŋ eʋu eme na wo faa be, “Menye nyee nye Kristo la o.”
21 And they said to him, What then? Are you Elijah? And he said, I am not. Are you the prophet? And his answer was, I am not.
Wogabiae be, “Ekema ame kae nènye, Eliyaa?” Egaɖo eŋu be, “Ao, menye Eliyae menye o.” Wogabiae be, “Nyagblɔɖila lae nènyea?” Eye wòɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye nyee o.”
22 So they said to him, Who are you then? We have to give some answer to those who sent us. What have you to say about yourself?
Wogabiae be, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí, ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí la. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.”
23 He said, I am the voice of one crying in the waste land, Make straight the way of the Lord, as said Isaiah the prophet.
Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’”
24 Those who had been sent came from the Pharisees.
Farisitɔwo ƒe ame dɔdɔwo hã
25 And they put this question to him, saying, Why then are you giving baptism if you are not the Christ, or Elijah, or the prophet?
biae be, “Esi menye wòe nye Kristo la alo Eliya loo alo Nyagblɔɖila la o ɖe, nu ka ta nèle mawutsi dem ta na amewo ɖo?”
26 John's answer was: I give baptism with water; but there is one among you of whom you have no knowledge;
Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi, gake ame aɖe le mia dome,
27 It is he who is coming after me; I am not good enough to undo his shoes.
si le yonyeme gbɔna, eye nyemedze be matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.”
28 These things took place at Bethany on the other side of the Jordan, where John was giving baptism.
Nu siawo katã dzɔ le Betania, kɔƒe aɖe si le Yɔdan tɔsisi la godo, afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le la me.
29 The day after, John sees Jesus coming to him and says, See, here is the Lamb of God who takes away the sin of the world!
Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!
30 This is he of whom I said, One is coming after me who is put over me because he was in existence before me.
Eya ŋutie menɔ nu ƒom le esi megblɔ be, ‘Ŋutsu aɖe gbɔna kpuie, ame si de ŋgɔ wum boo, eye wòli xoxoxo hafi nye ya meva dzɔ gɔ̃.’
31 I myself had no knowledge of him, but I came giving baptism with water so that he might be seen openly by Israel.
Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be made mawutsi ta na amewo kple tsi, atsɔ aɖee afia Israel dukɔ la.”
32 And John gave this witness, saying, I saw the Spirit coming down from heaven like a dove and resting on him.
Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me, nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu.
33 I had no knowledge who he was, but he who sent me to give baptism with water said to me, The one on whom you see the Spirit coming down and resting, it is he who gives baptism with the Holy Spirit.
Yohanes gagblɔ be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o, gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Ne èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae be eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’
34 This I saw myself and my witness is that he is the Son of God.
Mekpɔe be nu sia tututue dzɔ ɖe ŋutsu sia dzi, eya ta meɖi ɖase be eyae nye Mawu ƒe Vi la.”
35 The day after, John was there again with two of his disciples;
Le ŋkeke evea gbe la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo nɔ tsitre ɖe teƒe aɖe, eye Yesu va to wo gbɔ yina.
36 And looking at Jesus while he was walking he said, See, there is the Lamb of God!
Yohanes li ŋku ɖe Yesu dzi gãa hegblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi lae nye ekem!”
37 Hearing what he said, the two disciples went after Jesus.
Nusrɔ̃la eveawo se nya sia, eye wodze Yesu yome.
38 And Jesus, turning round, saw them coming after him and said to them, What are you looking for? They said to him, Rabbi (which is to say, Master), where are you living?
Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome, eye wòbia wo be, “Nu ka dim miele?” Woɖo eŋu be, “Rabi” (si gɔmee nye “Nufiala”), “afi ka nènɔna?”
39 He said to them, Come and see. They went with him then and saw where he was living; and they were with him all that day: it was then about the tenth hour of the day.
Yesu gblɔ na wo be, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me, eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi dzo.
40 Andrew, Simon Peter's brother, was one of the two men who, hearing what John said, went after Jesus.
Ame siawo dometɔ ɖekae nye Andrea si nye Simɔn Petro nɔvi.
41 Early in the morning he came across his brother and said to him, We have made discovery! It is the Messiah! (which is to say, the Christ).
Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo).
42 And he took him to Jesus. Looking at him fixedly Jesus said, You are Simon, the son of John; your name will be Cephas (which is to say, Peter).
Enumake wòkplɔ nɔvia Simɔn va Yesu gbɔ. Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Wòe nye Simɔn, Yohanes ƒe vi. Woayɔ wò azɔ be Kefa” (si gɔmee nye Kpe Gbadza).
43 The day after this, Jesus had a desire to go into Galilee. He came across Philip and said to him, Come and be my disciple.
Esi ŋu ke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo, eye wògblɔ nɛ be, “Va, nàdze yonyeme.”
44 Now Philip's town was Beth-saida, where Andrew and Peter came from.
Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de.
45 Philip came across Nathanael and said to him, We have made a discovery! It is he of whom Moses, in the law, and the prophets were writing, Jesus of Nazareth, the son of Joseph.
Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel, eye wògblɔ nɛ be, “Nɔvi, míeke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le Nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoae nye Yosef si tso Nazaret.”
46 Nazareth! said Nathanael, Is it possible for any good to come out of Nazareth? Philip said to him, Come and see.
Nataniel gblɔ be, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaretia?” Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔe ɖa.”
47 Jesus saw Nathanael coming to him and said of him, See, here is a true son of Israel in whom there is nothing false.
Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ be, “Israelvi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.”
48 Nathanael said to him, Where did you get knowledge of me? In answer Jesus said, Before Philip was talking with you, while you were still under the fig-tree, I saw you.
Nataniel bia Yesu be, “Aleke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò.”
49 Nathanael said to him, Rabbi, you are the Son of God, you are King of Israel!
Nataniel gblɔ be, “Nufiala, wòe nye Mawu ƒe Vi la vavã. Wòe nye Israel ƒe fia la!”
50 In answer Jesus said to him, You have faith because I said to you, I saw you under the fig-tree. You will see greater things than these.
Yesu gabiae be, “Ɖe nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia aɖe ame si menye la afia wò.
51 And he said to him, Truly I say to you all, You will see heaven opening and God's angels going up and coming down on the Son of man.
Nyateƒe gblɔm mele na wò be, èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ Amegbetɔ Vi la gbɔ vam, aganɔ dziƒo yim.”

< John 1 >