< Job 11 >

1 Så tog Na'amatiten Zofar til Orde og sagde:
Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu na Hiob be,
2 "Skal en Ordgyder ej have Svar, skal en Mundheld vel have Ret?
“Ɖe woagbe nya siawo ŋu ɖoɖo na wòa? Ɖe woabe nyawɔla sia tɔ dzɔa?
3 Skal Mænd vel tie til din Skvalder, skal du spotte og ikke få Skam?
Ɖe wò nya dzodzro siawo ade ga nu na amewoa? Ɖe ame aɖeke meli aka mo na wò ne èle fewu ɖum oa?
4 Du siger: "Min Færd er lydeløs, og jeg er ren i hans Øjne!"
Ègblɔ na Mawu be ‘Kpɔtsɔtsɔ mele nu siwo dzi mexɔ se la ŋu o eye medza le ŋkuwòme.’
5 Men vilde dog Gud kun tale, oplade sine Læber imod dig,
O, aleke medi be Mawu naƒo nu, ne wòake eƒe nuyiwo ɖe ŋutiwò,
6 kundgøre dig Visdommens Løndom, thi underfuld er den i Væsen; da vilde du vide, at Gud har glemt dig en Del af din Skyld!
ne wòaɖe nunya ƒe nu ɣaɣlawo afia wò elabena mo evee li na nunya. Vavã, nya esia be: Mawu ŋlɔ wò nu vɔ̃wo dometɔ aɖewo be gɔ̃ hã.
7 Har du loddet Bunden i Gud og nået den Almægtiges Grænse?
“Àte ŋu ase Mawu ƒe nya goglowo gɔmea? Àte ŋu adzro Ŋusẽkatãtɔ la ƒe mlɔenuwo ke mea?
8 Højere er den end Himlen hvad kan du? Dybere end Dødsriget - hvad ved du? (Sheol h7585)
Wokɔkɔ wu dziƒowo, nu ka nàte ŋu awɔ? Wogoglo wu tsiẽƒe ƒe gogloƒewo, nu ka nènya? (Sheol h7585)
9 Den overgår Jorden i Vidde, er mere vidtstrakt end Havet.
Wodidi wu anyigba eye wokeke wu atsiaƒu.
10 Farer han frem og fængsler, stævner til Doms, hvem hindrer ham?
Ke ne eva do, hede wò gaxɔ me eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wò la, ame ka ate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu?
11 Han kender jo Løgnens Mænd, Uret ser han og agter derpå,
Vavã enyaa alakpatɔwo eye ne ekpɔ nu vɔ̃ɖi la, ɖe medzea sii oa?
12 så tomhjernet Mand får Vid, og Vildæsel fødes til Menneske.
Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la, nenema kee womate ŋu awɔ bometsila hã wòazu nunyala o.
13 Hvis du får Skik på dit Hjerte og breder dine Hænder imod ham,
“Ke hã la, ne ètsɔ wò dzi nɛ blibo, ne èwu wò asiwo dzi do ɖe egbɔ,
14 hvis Uret er fjern fra din Hånd, og Brøde ej bor i dit Telt,
ne èɖe nu vɔ̃ siwo le wò asi me la ɖa eye ne mèɖe mɔ na nu vɔ̃ɖi aɖeke be wòanɔ wò agbadɔ me o la,
15 ja, da kan du lydefri løfte dit Åsyn og uden at frygte stå fast,
ekema àkɔ wò mo dzi ŋukpemanɔmee, ànɔ te sesĩe eye mavɔ̃ o.
16 ja, da skal du glemme din Kvide, mindes den kun som Vand, der flød bort;
Le nyateƒe me la, àŋlɔ wò hiãkame be eye àɖo ŋku edzi ko abe tsi sisi si nu va yi la ene.
17 dit Liv skal overstråle Middagssolen, Mørket vorde som lyse Morgen.
Wò agbe me akɔ wu ŋdɔkutsu dzati eye viviti anɔ na wò abe ŋdikekeli ene.
18 Tryg skal du være, fordi du har Håb; du ser dig om og går trygt til Hvile,
Ànɔ dedie elabena mɔkpɔkpɔ li, àtsa ŋku godoo eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ le dedinɔnɔ me.
19 du ligger uden at skræmmes op. Til din Yndest vil mange bejle.
Àmlɔ anyi eye ame aɖeke mava do ŋɔdzi na wò o; ale ame geɖewo ava bia amenuveve tso gbɔwò.
20 Men de gudløses Øjne vansmægter; ude er det med deres Tilflugt, deres Håb er blot at udånde Sjælen!
Ke ɖeɖi ate ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkuwo ŋu, bebeƒe abu ɖe wo eye woƒe mɔkpɔkpɔ azu kudɔƒoƒo.”

< Job 11 >