< Esajas 41 >

1 Hør mig i Tavshed, I fjerne Strande, lad Folkene hente ny Kraft, komme hid og tage til Orde, lad os sammen gå frem for Retten!
“Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me! Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu! Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu. Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe.
2 Hvo vakte i Østen ham, hvis Fod går fra Sejr til Sejr, hvo giver Folk i hans Vold og gør ham til Kongers Hersker? Han gør deres Sværd til Støv, deres Buer til flagrende Strå,
“Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe, heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ? Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume. Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ, eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo wozu abe atsa si ya ƒo ene.
3 forfølger dem, går uskadt frem ad en Vej, hans Fod ej har trådt.
Eti wo yome, eye wòƒu du to teƒe siwo meto kpɔ o, gake naneke mewɔe o.
4 Hvo gjorde og virkede det? Han, som længst kaldte Slægterne frem, jeg, HERREN, som er den første og end hos de sidste den samme.
Ame kae wɔ esia hekpɔ egbɔ be ede go, eye wòyɔ dzidzimewo tso gɔmedzedzea me ke? Nye, Yehowa, si nɔ kple gbãtɔwo, eye nenema ke mele kple mamlɛawo hã, Nyee.”
5 Fjerne Strande så det med Gru, den vide Jord følte Rædsel, de nærmede sig og kom.
Ƒukpowo kpɔe, eye wovɔ̃. Anyigba ƒe mlɔenuwo dzo kpekpekpe, woƒo ƒu, eye wozɔ ɖe ŋgɔgbe;
6 Den ene hjælper den anden og siger: "Broder, fat Mod!"
ɖe sia ɖe kpe ɖe nɔvia ŋu, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Lé dzi ɖe ƒo.”
7 Mesteren opmuntrer Guldsmeden, Glatteren ham, der hamrer; Lodningen tager han god og sømmer det fast, så det står.
Aɖaŋudɔwɔla de dzi ƒo na sikanutula, ganutrela de dzi ƒo na zudala. Egblɔ tso nu si wotre la ŋu be, “Wotree nyuie.” Tete wòƒo gatagbadzɛ ɖe aklamakpakpɛ la be magaʋã o.
8 Men Israel, du min Tjener, Jakob, hvem jeg har udvalgt, - Ætling af Abraham, min Ven -
“Ke wò, Israel, nye dɔla, Yakob, ame si metia. Mi, xɔ̃nye, Abraham ƒe dzidzimeviwo.
9 hvem jeg tog fra Jordens Grænser og kaldte fra dens fjerneste Kroge, til hvem jeg sagde: "Du min Tjener, som jeg valgte og ikke vraged":
Wò, ame si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo, meyɔ wò tso eƒe dzogoewo dzi ke. Megblɔ be, ‘Nye dɔlae nènye.’ Metia wò, eye nyemegbe wò o,
10 Frygt ikke, thi jeg er med dig, vær ej rådvild, thi jeg er din Gud! Med min Retfærds højre styrker, ja hjælper, ja støtter jeg dig.
eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.
11 Se, Skam og Skændsel får alle, som er dig fjendske, til intet bliver de, der trætter med dig, de forgår.
“Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃, eye wo nu ava ayi.
12 Du søger, men finder ej dem, der kives med dig, til intet, til Luft bliver de, der strides med dig.
Àdi wò ketɔwo, gake màkpɔ wo o. Ame siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la azu tofloko ƒe tofloko,
13 Thi jeg, som er HERREN din Gud, jeg griber din Hånd, siger til dig: Frygt kun ikke, jeg er din Hjælper.
elabena nyee. Nye Yehowa, wò Mawu, ame si lé wò nuɖusibɔ ɖe asi hele gbɔgblɔm na wò be ‘Mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò.’
14 Frygt ikke, Jakob, du Orm, Israel, du Kryb! Jeg hjælper dig, lyder det fra HERREN, din Genløser er Israels Hellige.
Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob, O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.” Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.
15 Se, jeg gør dig til Tærskeslæde, en ny med mange Tænder; du skal tærske og knuste Bjerge, og Høje skal du gøre til Avner;
“Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ luƒomɔ yeye ɖaɖɛ si ƒe aɖuwo sɔ gbɔ fũu. Àfanya towo, agbã wo gudugudu, eye àwɔ togbɛwo woazu fufu.
16 du kaster dem, Vinden tager dem, Stormen hvirvler dem bort. Men du skal juble i HERREN, rose dig af Israels Hellige.
Àgbɔ wo, ya aƒo wo adzoe, eye ahomuya alɔ wo ɖe nu, ke wò ya, àdzɔ dzi ɖe Yehowa ŋu, eye àtso aseye ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu.
17 Forgæves søger de arme og fattige Vand, deres Tunge brænder af Tørst; jeg, HERREN, vil bønhøre dem, dem svigter ej Israels Gud.
“Ame dahewo kple hiãtɔwo le tsatsam le tsi dim, ke womekpɔ ɖeke o. Woƒe aɖewo dzi ƒu kplakplakpla le tsikɔwuame ta. Ke nye Yehowa, matɔ na wo; nye Israel ƒe Mawu la nyemagble wo ɖi o.
18 Fra nøgne Høje sender jeg Floder og Kilder midt i Dale; Ørkenen gør jeg til Vanddrag, det tørre Land til Væld.
Mana tɔsisiwo nasi ato to ƒuƒluwo tame, eye tometsiwo nasi to balimewo. Mana gbegbewo nazu tɔʋuwo, eye kuɖiɖinyigba nazu tsidzɔƒewo.
19 I Ørkenen giver jeg Cedre, Akacier, Myrter, Oliven; i Ødemark sætter jeg Cypresser tillige med Elm og Gran,
Mana sedati, logoti, gboti kple amiti namie ɖe gbegbe, eye mana xeti, fɔfɔli, kple sesewu namie ɖe dzogbe.
20 at de må se og kende, mærke sig det og indse, at HERRENs Hånd har gjort det, Israels Hellige skabt det.
Ale be amewo nakpɔe, anyae, abu eŋu, eye woase egɔme be, Yehowa ƒe asie wɔ esia, eye Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae na wòva eme.”
21 Fremlæg eders Sag, siger HERREN, kom med Bevis! siger Jakobs Konge.
Yehowa be, “Ɖe wò nyawo to. Ƒo nu le nya siwo nètsɔ vɛ la ŋu.” Yakob ƒe fia lae gblɔe.
22 De træde nu frem og forkynde os, hvad der herefter skal ske. Sig frem, hvad I har forudsagt, at vi kan granske derover og se, hvad Udfald det fik; eller kundgør os, hvad der kommer!
“Mitsɔ miaƒe legbawo vɛ ne woava agblɔ nu si ava dzɔ la na mí. Migblɔ nu siwo nɔ anyi tsã la na mí be míabu wo ŋuti, eye míanya woƒe metsonu alo migblɔ nu siwo ava dzɔ la na mí.
23 Forkynd, hvad der siden vil ske, at vi kan se, I er Guder! Gør noget, godt eller ondt, så måler vi os med hinanden!
Nya kae le etsɔ si na mí ne mianya be mawuwoe mienye. Wɔ nane, eɖanye nyui alo vɔ̃, ale be míaƒe mo nawɔ yaa, eye vɔvɔ̃ naɖo mí.
24 Se, I er intet, eders Gerning Luft, vederstyggelig, hvo eder vælger.
Ke miele naneke hã me o, eye miaƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me kura o. Ame si tia mi la zu ŋunyɔnu.
25 Jeg vakte ham fra Norden, og han kom, jeg kaldte ham fra Solens Opgang. Han nedtramper Fyrster som Dynd, som en Pottemager ælter sit Ler.
“Menyɔ ame aɖe tso anyiehe eye wòle mɔ dzi gbɔna. Ame si tso afi si ɣe dzena tsoe, eye wòyɔa nye ŋkɔ. Ame si fanya dziɖulawo abe anyi ene, efanya wo abe zemelae le anyi nyam ene.
26 Hvo forkyndte det før, så vi vidste det, forud, så vi sagde: "Han fik Ret!" Nej, ingen har forkyndt eller sagt det, ingen har hørt eders Ord.
Ame kae ƒo nu tso ame sia ŋuti tso gɔmedzedzea, ne mienyae do ŋgɔ, ne miate ŋu agblɔ be, ‘Eƒe nya dzɔ?’ Ame aɖeke megblɔ esia o. Ame aɖeke megblɔe da ɖi o; ame aɖeke mese nya aɖeke tso gbɔwò o.
27 Først jeg har forkyndt det for Zion, sendt Jerusalem Glædesbud.
Nyee nye ame gbãtɔ si gblɔe na Zion be, ‘Kpɔ ɖa, wole afii!’ Meɖo nyanyuigblɔla ɖe Yerusalem.
28 Jeg ser mig om der er ingen, ingen af dem ved Råd, så de svarer mig på mit Spørgsmål.
Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o, ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o. Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya si mebia wo la ŋu nam o.
29 Se, alle er de intet, deres Værker Luft, deres Billeder Vind og Tomhed.
Kpɔ ɖa, wo katã wonye tofloko! Woƒe dɔwɔwɔwo mele ɖeke me o. Woƒe legbawo hã nye ya kple tofloko ko.

< Esajas 41 >