< 撒迦利亚书 9 >

1 耶和华的默示应验在哈得拉地大马士革 —世人和以色列各支派的眼目都仰望耶和华—
Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu, eye ava Damasko hã dzi, elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu.
2 和靠近的哈马,并泰尔、西顿; 因为这二城的人大有智慧。
Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã.
3 泰尔为自己修筑保障, 积蓄银子如尘沙, 堆起精金如街上的泥土。
Tiro tu mɔ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo abe ʋuʋudedi ene, eye nenema ke sika bɔ abe ke si le mɔdodo dzi ene.
4 主必赶出她, 打败她海上的权利; 她必被火烧灭。
Ke Yehowa axɔ kesinɔnuwo le esi, akaka eƒe tɔdziʋuwo kple wo me nɔlawo ƒe ŋusẽ, eye dzo ava fiae ƒioƒioƒio.
5 亚实基伦看见必惧怕; 迦萨看见甚痛苦; 以革伦因失了盼望蒙羞。 迦萨必不再有君王; 亚实基伦也不再有居民。
Askelon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe. Gaza aŋe kple vevesese. Nenema kee nye Ekron hã, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ abu ɖee. Woawu Gaza fia, eye Askelon azu aƒedo.
6 私生子必住在亚实突; 我必除灭非利士人的骄傲。
Amedzrowo ava xɔ Asdod, eye maɖe Filistitɔwo ƒe dada la ɖa.
7 我必除去他口中带血之肉 和牙齿内可憎之物。 他必作为余剩的人归与我们的 神, 必在犹大像族长; 以革伦人必如耶布斯人。
Maɖe ʋu ɖa le woƒe nuwo me kple nuɖuɖu si wotsri na wo la le woƒe aɖutame. Ame siwo susɔ la anye míaƒe Mawu la tɔ, woazu kplɔlawo le Yuda, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene.
8 我必在我家的四围安营, 使敌军不得任意往来, 暴虐的人也不再经过, 因为我亲眼看顾我的家。
Ke maʋli nye gbedoxɔ la ta tso adzohawo ƒe asi me. Ŋutasẽla magaɖu nye amewo dzi akpɔ gbeɖe o, elabena azɔ mele wo ŋu dzɔm.
9 锡安的民哪,应当大大喜乐; 耶路撒冷的民哪,应当欢呼。 看哪,你的王来到你这里! 他是公义的,并且施行拯救, 谦谦和和地骑着驴, 就是骑着驴的驹子。
Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu! Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu, kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò. Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ, ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom, si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.
10 我必除灭以法莲的战车 和耶路撒冷的战马; 争战的弓也必除灭。 他必向列国讲和平; 他的权柄必从这海管到那海, 从大河管到地极。
Axɔ tasiaɖamwo le Efraim si kple aʋawɔsɔwo le Yerusalem si, eye wòaŋe woƒe aʋawɔdatiwo. Aɖe gbeƒã ŋutifafa na dukɔwo, eƒe fiaɖuƒe akeke tso ƒuta ayi ƒuta, tso tɔsisi la nu ayi anyigba ƒe seƒewo ke.
11 锡安哪,我因与你立约的血, 将你中间被掳而囚的人从无水的坑中释放出来。
Ɖe nu si mebla kpli wò, tre enu kple ʋu ta la, maɖe wò tso ku me, be màgaku ɖe do globo ƒuƒui la me o.
12 你们被囚而有指望的人都要转回保障。 我今日说明,我必加倍赐福给你们。
Mitrɔ yi ɖe miaƒe mɔ sesẽwo me, O, mi gamenɔla siwo si mɔkpɔkpɔ le. Ke azɔ la, mele gbeƒã ɖem na mi be magbugbɔ aɖo nu siwo miebu la teƒe na mi zi eve.
13 我拿犹大作上弦的弓; 我拿以法莲为张弓的箭。 锡安哪,我要激发你的众子, 攻击希腊的众子,使你如勇士的刀。
Mabɔ Yuda abe ale si mebɔa nye da ene, eye matsɔ Efraim awɔ datii ayɔ eme fũu. O Zion, manyɔ viwò ŋutsuwo, ɖe Griktɔwo ŋu, eye mawɔ wò abe aʋawɔla ƒe yi ene.
14 耶和华必显现在他们以上; 他的箭必射出像闪电。 主耶和华必吹角, 乘南方的旋风而行。
Yehowa ava do ɖe wo dzi kpoyi, eye eƒe aŋutrɔwo anɔ bibim abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ azɔ le anyigbeme ƒe ahomwo me,
15 万军之耶和华必保护他们; 他们必吞灭仇敌,践踏弹石。 他们必喝血呐喊,犹如饮酒; 他们必像盛满血的碗, 又像坛的四角满了血。
eye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la atsɔ akpoxɔnu atsyɔ wo dzi. Woagblẽ nu, eye woatsɔ kpe ade aŋetu me atsɔ aɖu wo dzii. Woano woawo ŋutɔ ƒe ʋu abe wain ene, wòayɔ woƒe ƒodo fũu abe agba ene, eye wòaƒo wo bekee abe ale si wokɔa wain ɖe vɔsamlekpui ƒe dzogoewo dzi ene.
16 当那日,耶和华—他们的 神 必看他的民如群羊,拯救他们; 因为他们必像冠冕上的宝石, 高举在他的地以上。
Yehowa, woƒe Mawu la aɖe wo gbe ma gbe abe ame siwo nye eƒe alẽhawo ene. Woaklẽ le eƒe anyigba la dzi abe adzagba le fiakuku ŋu ene.
17 他的恩慈何等大! 他的荣美何其盛! 五谷健壮少男; 新酒培养处女。
Aleke woahanyo eye woahadze anii! Bli ana ɖekakpuiawo natsi nyuie, eye wain yeye ana ɖetugbiawo hã natsi nyuie.

< 撒迦利亚书 9 >