< 歷代志上 15 >

1 [迎運約櫃的準備]達味在達味城為自己建造了宮室,也為天主的約櫃預備了一塊地方,支搭了一座帳幕。
Esi David wu xɔtutu nu na eɖokui le David ƒe Du la me vɔ la, edzra teƒe aɖe ɖo na Mawu ƒe nubablaɖaka la, hetu agbadɔ nɛ
2 那時,達味心裏想:天主的約櫃,除肋未人外,誰也不能抬,因為上主只簡選了他們抬上主的約櫃,永遠奉事他。
eye wòde se be, “Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ nɛ tegbetegbee.”
3 達味遂召集了全以色列到耶路撒冷來,為將上主的約櫃迎運到他所預備的地方。
Le esia megbe la, David yɔ Israel dukɔ blibo la va Yerusalem be woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ.
4 他又召集了亞郎的子孫和肋未人:
Eyɔ Aron ƒe dzidzimeviwo kple Levitɔwo ƒo ƒu:
5 刻哈特子孫的族長烏黎耳,和他的同族一百二十人;
Ame alafa ɖeka blaeve tso Kohat ƒe viwo dome, woƒe Nunɔlae nye Uriel.
6 默辣黎子孫的族長阿撒雅,和他的同族二百二十人,
Ame alafa eve blaeve si nu, Asaya nɔ la tso Merari ƒe viwo dome.
7 革爾雄子孫的族長約厄耳,和他的同族一百三十人;
Ame alafa ɖeka blaetɔ̃ siwo nu, Yoel nɔ la, tso Gerson ƒe viwo dome.
8 厄里匝番子孫的族長舍瑪雅和他的同族爾百人;
Ame alafa eve siwo nu, Semaya nɔ la, tso Elizafan ƒe viwo dome.
9 赫貝龍子孫的足長厄里耳,和他同族八十人;
Ame blaenyi, ame siwo nu, Eliel nɔ la tso Hebron ƒe viwo dome,
10 烏齊耳子孫的族長阿米納達布和他的同族一百一十二人。
eye ame alafa ɖeka wuieve siwo nu, Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome.
11 達味將司祭匝多克、厄貝雅塔爾,及肋未人烏黎耳、阿撒雅、約厄耳,舍瑪雅、厄里耳和阿米納達布召來,
David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo
12 對他們說:「你們既為肋未人的族長,你們與你們的同族兄弟就當聖潔自己,將上主以色列天主的約櫃,抬到我所準備的地方。
eye wògblɔ na wo be, “Miawoe nye Levitɔwo ƒe kplɔlawo. Azɔ la, mi kple mia nɔviwo katã mikɔ mia ɖokuiwo ŋu ale be miatsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va teƒe si medzra ɖo ɖi nɛ.
13 因為你們初次不在場,我們沒有按照規則迎接,所以上主我們的天主打擊了我們。」
Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se nu si miawɔ la o.”
14 司祭和肋未人便聖潔自己,好將上主以色列天主的約櫃抬上來。
Ale Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋuti hedzra ɖo ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ gbɔe ŋu.
15 肋未子孫按照梅瑟奉天主的命所吩咐的,用杠桿在肩上抬著上主的約櫃。[編定儀仗隊]
Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu.
16 達味又吩咐肋未人的族長,由他們的同族兄弟中指派一些歌詠者,叫他們用各種樂器、琴瑟和鐃鈸,奏出嘹亮歡樂的聲音。
Fia David na Levitɔwo ƒo ƒu hadzilawo nu eye wodzi ha sesĩe kple dzidzɔ ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo ƒe ɖiɖi ŋu.
17 肋未人遂指派了約厄耳的兒子赫曼和他的一個同族貝勒克雅的兒子阿撒夫,並他們同族兄弟默辣黎的子孫中,谷沙雅的兒子厄堂。
Ame siwo kpɔ hadzidzi kple nu siwo woƒo kpe ɖe eŋu dzi la woe nye Heman, Yoel ƒe vi kple Asaf, Berekia ƒe vi kple Etan, Kusaya ƒe vi, tso Merari ƒe viwo dome.
18 與他們一起的,尚有他們的同族兄弟,組成第二班:則加黎雅、雅阿齊耳、舍米辣摩特、耶希耳、翁尼、厄里阿布、貝納雅、瑪阿色雅、瑪提提雅、厄里斐路和米刻乃雅,以及守衛敖貝得厄東和耶希耳。
Woƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Zekaria, Yaaziel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom kple Yeiel, ame siwo nye agbonudzɔlawo.
19 至於歌詠者,赫曼、阿撒夫和厄堂打銅鈸;
Wotia Heman, Asaf kple Etan be woaƒo akɔbligakogoewo
20 則加黎雅、雅阿齊耳、舍米辣摩特、耶希耳、翁尼、厄里阿布、瑪阿色雅、貝納雅彈瑟;調用高音。
eye wotia ame enyi siawo: Zekaria, Ariel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya be woaƒo kasaŋku gbevitɔwo ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu.
21 瑪提提雅、厄里斐路、米刻乃雅、敖貝得厄東、耶依耳、阿匝齊雅領先彈琴,調用低音。
Ame siwo wotia be woaƒo kasaŋku gbegãtɔwo ɖe seminit ƒe gbeɖiɖi nu woe nye: Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom, Yeiel kple Azazia.
22 肋未人的族長革納尼雅管理歌詠,因他善於歌詠之事。
Hadoɖalae nye Kenania, Levitɔwo Nunɔla; wotiae ɖe eƒe nunya ta.
23 貝勒基雅和厄耳卡納為守衛看守約櫃。
Berekia kple Elkana nye nubablaɖaka la ŋu dzɔlawo.
24 司祭舍巴尼雅、約沙法特、乃塔乃耳、阿瑪賽、則加黎雅、貝納雅和厄里厄則爾,在天主的約櫃前吹號筒;敖貝得厄東和耶希雅為守衛,看守約櫃。[迎約櫃至達味城]
Sebania, Yosafat, Netanel, Amasai, Zekaria, Benaya kple Eliezer, ame siwo katã nye nunɔlawo la, nye kpẽkulawo eye wonɔ ŋgɔ na ameawo katã. Obed Edom kple Yehia dzɔ nubablaɖaka la ƒe agbo ŋu.
25 於是達味和以色列的長老並千夫長前去,由敖貝得厄東家中,興高彩烈地將上主的約櫃接上來。
Ale David kple Israel ƒe dumegãwo kple ame akpewo ƒe aʋafiawo yi Obed Edom ƒe aƒe me be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso afi ma kple aseyetsotso.
26 由於天主扶助了抬上主約櫃的肋未人,他們遂祭獻了七頭公牛和七隻公山羊。
Esi Yehowa kpe ɖe Levitɔ siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu ta la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe.
27 達味、抬約櫃的肋未人、歌詠之長革納黎雅以及歌詠者,都穿著細麻長衣,達味另外又佩帶著細麻的「厄弗得。」
Azɔ la, David do awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi; nenema kee nye Levitɔ siwo tsɔ nubablaɖaka la. Nenema kee nye hadzilawo kple Kenania hã, ame si nɔ hadzihawo nu. David ya do aklala si nɔ biɖibiɖi ƒe kɔmewu ɖe etɔ dzi.
28 全以色列在歡呼、吹角、吹號、擊鈸、鼓瑟、彈琴、奏樂之中,將上主的約櫃接了上來。
Ale Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem.
29 上主的約櫃進入達味城時,撒烏耳的女兒米加耳遺窗內窺看,達味跳躍舞蹈,心中就輕視他。
Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe Du la me la, Saul ƒe vinyɔnu, Mixal, nɔ wo kpɔm to fesre nu eye esi wòkpɔ Fia David wònɔ ɣe ɖum, nɔ aglo tum kple dzidzɔ la, edo vloe le eƒe dzime.

< 歷代志上 15 >