< ᎣᏍᏛ ᎧᏃᎮᏛ ᎹᎦ ᎤᏬᏪᎳᏅᎯ 5 >

1 ᎢᏍᎪᏂᏗᏢᏃ ᎥᏓᎵ ᏭᏂᎷᏤ ᎠᏂᎨᏕᎵ ᎤᎾᏤᎵᎪᎯ.
Wotso ƒu la, eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nutowo me.
2 ᏥᏳᎯᏃ ᎤᏣᎢᏒ ᎩᎳᏉ ᎢᏴᏛ ᏚᏠᏎ ᎠᏍᎦᏯ ᏓᏓᏂᏌᎲ ᏅᏓᏳᎶᏒᎯ ᎦᏓᎭ ᎠᏓᏅᏙ ᎤᏯᎢ,
Esi Yesu do go tso ʋua me la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la do go tso yɔdoawo me va kpee.
3 ᎾᏍᎩ ᏓᏓᏂᏌᎲᏉ ᎡᎮᎢ; ᎥᏝ ᎠᎴ ᎾᏍᏉ ᏧᏓᏕᏒᏛ ᎬᏗ ᎩᎶ ᎬᏩᎸᏍᏗ ᏱᎨᏎᎢ.
Ame sia ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ me, eye ame aɖeke magate ŋu ablae alo ade gakɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o,
4 ᏯᏃᎩᏳᏰᏃ ᏣᏥᏅᏠᎸᎯ ᎨᏎᎢ, ᎠᎴ ᏧᏓᏕᏒᏛ ᏣᎦᎸᏍᏔᏅᎯ ᎨᏎᎢ, ᏧᏓᏕᏒᏛᏃ ᏓᎦᎵᏍᎨᎢ, ᎠᎴ ᏗᎦᏅᏠᏍᏗ ᏓᏍᏆᎵᏍᎨᎢ; ᎥᏝ ᎠᎴ ᎩᎶ ᎬᏩᏓᏅᏘᏐᏗ ᏱᎨᏎᎢ.
elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsoa wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui, alée wòanɔ anyi kpoo o.
5 ᎠᎴ ᏂᎪᎯᎸ, ᏒᏃᏱ ᎠᎴ ᎢᎦ, ᎦᏚᏏ ᎠᎴ ᏓᏓᏂᏌᎲᎢ, ᎤᏪᎷᎨᎢ, ᎠᎴ ᏅᏯ ᎬᏗ ᎠᏓᏰᎶᎮᎢ.
Le ŋkeke kple zã me siaa la, enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi, nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo.
6 ᎠᏎᏃ ᎢᏅᎯᏳ ᏭᎪᎲ ᏥᏌ, ᏚᏍᏆᎸᏔᏁ ᎠᎴ ᎤᏓᏙᎵᏍᏓᏁᎴᎢ,
Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ ƒua dzi gbɔna, eya ta esi wòɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eƒe akɔme.
7 ᎠᎴ ᎠᏍᏓᏯ ᎤᏪᎷᏁ ᎯᎠ ᏄᏪᏎᎢ; ᎦᏙ ᏗᎩᎾᏓᏛᏙᏗ ᏂᎯ ᏥᏌ, ᏩᏍᏛ ᎦᎸᎳᏗᏳ ᎡᎯ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᎤᏪᏥ? ᎬᏁᏤᎭ, ᎤᏁᎳᏅᎯ ᎬᏁᎢᏍᏓᏁᎭ, ᎾᏍᎩ ᏍᎩᎩᎵᏲᎢᏍᏙᏗᏱ ᏂᎨᏒᎾ.
Edo ɣli sesĩe be, “Nya kae le nye kple wò dome, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o!”
8 ᎯᎠᏰᏃ ᏄᏪᏎᎴᎢ, ᎡᎯᏄᎪᎢ ᎾᏍᎩ Ꮎ ᎠᏍᎦᏯ, ᏂᎯ ᎯᎦᏓᎭ ᎠᏓᏅᏙ.
Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ be, “Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃.”
9 ᎤᏛᏛᏁᏃ, ᎦᏙ ᏕᏣᏙᎥ? ᎤᏬᏎᎴᎢ. ᎯᎠᏃ ᏄᏪᏎᎴᎢ, ᏑᎾᏓᏡᎩ ᏓᏆᏙᎥ; ᎣᎩᏣᏔᏰᏃ.
Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio, elabena míesɔ gbɔ ɖe ame sia me.”
10 ᎠᎴ ᎤᏣᏘ ᎤᏍᏗᏰᏔᏁ ᎾᎿᎭᎨᏒ ᏧᏄᎪᏫᏍᏗᏱ ᏂᎨᏒᎾ ᎨᏒᎢ.
Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo ɖo ɖe du didi aɖeke me o.
11 ᎾᎿᎭᏃ ᎣᏓᎷᎶᏗ ᎤᏂᏣᏘ ᏑᎾᏓᏡᎩ ᏏᏆ ᎠᎾᎵᏍᏓᏴᏂᏙᎮᎢ.
Eva eme be aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le togbɛ si te ɖe toa ŋu la dzi.
12 ᏂᎦᏛᏃ ᎠᏂᏍᎩᎾ ᎬᏩᏍᏗᏰᏔᏁ ᎯᎠ ᎾᏂᏪᏍᎨᎢ, ᎤᏁᎳᎩ ᏏᏆ ᏗᏁᏙᎲ ᏬᏥᎶᎯ, ᎾᏍᎩ ᏫᏙᏥᏴᏏ.
Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, “Míeɖe kuku, nya mí ɖo ɖe ha mawo me.”
13 ᎩᎳᏉᏃ ᎢᏴᏛ ᏥᏌ ᏚᎵᏍᎪᎸᏓᏁᎴᎢ. ᏗᎦᏓᎭᏃ ᏗᏓᏅᏙ ᎤᏂᏄᎪᏨ, ᏏᏆ ᏫᏚᏂᏴᏎᎴᎢ; ᏑᎾᏓᏡᎩᏃ ᎤᎾᏁᎷᎩᏎ ᎤᏂᎦᏐᎠᏎ ᎦᏁᏡᎩ ᎨᏒ ᎥᏓᎵ ᏭᎾᎵᏔᏗᏅᏎᎢ, ( ᏔᎵ ᎢᏯᎦᏴᎵ ᎢᏴᏛ ᎾᏂᎡᎢ, ) ᎠᎴ ᎥᏓᎵ ᏚᏂᎬᏤᎢ.
Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le ame la me enumake yi ɖage ɖe haawo me. Haawo ƒe habɔbɔ si anɔ abe akpe eve ene la katã ƒu du sesĩe ɖanyrɔ wo ɖokuiwo ɖe ƒu la me doo heno tsi ku.
14 ᏗᏂᎦᏘᏯᏃ ᎤᎾᎵᏎᎢ, ᎠᎴ ᎦᏚᎲ ᏭᏂᏃᏁᎢ, ᎠᎴ ᎢᏴᏛ ᏓᏁᏩᏗᏒᎢ. ᎤᏂᏄᎪᏤᏃ ᎤᎾᎦᏔᏅᏎ ᎾᏍᎩ ᏄᎵᏍᏔᏅᎢ.
Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nya la ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be yeakpɔ nu si dzɔ la.
15 ᏥᏌᏃ ᎬᏩᎷᏤᎴᎢ, ᎠᎴ ᎬᏩᎪᎮ ᎾᏍᎩ ᎠᏂᏍᎩᎾ ᎬᏩᏴᎸᎯ, ᎾᏍᎩ ᏑᎾᏓᏡᎩ ᎬᏩᏴᎸᎯ, ᎤᏬᎴᎢ, ᎠᎴ ᏚᏄᏪᎢ, ᎠᎴ ᏙᎯ ᎤᏓᏅᏖᎢ; ᎠᎴ ᎠᏂᏍᎦᎢᎮᎢ.
Le esia ta, eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ ŋutsu si me legio gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ tsã la wòdo awu nyuie, nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã.
16 ᎾᏍᎩᏃ ᎤᏂᎪᎲᎯ, ᎬᏩᏂᏃᏁᎴ ᏄᎵᏍᏓᏁᎸ ᎠᏂᏍᎩᎾ ᎬᏩᏴᎸᎯ, ᎠᎴ ᎾᏍᏉ ᏏᏆ ᏄᎾᎵᏍᏓᏁᎸᎢ.
Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la kple haawo dzi la hã yi ɖagblɔe na ame bubuwo,
17 ᎠᎴ ᎤᎾᎴᏅᎮ ᎬᏩᏔᏲᏎᎴ ᎤᏓᏅᏍᏗᏱ ᎤᎾᏤᎵᎪᎯ.
ale amewo gava fũu, eye woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nuto la me ne yewoakpɔ vovo.
18 ᏥᏳᎯᏃ ᎤᏣᏅ ᎾᏍᎩ ᎠᏂᏍᎩᎾ ᎬᏩᏴᎸᎯ ᎤᏔᏲᏎᎴ ᎤᏁᎳᎩ ᎤᏪᎵᏎᏗᏱ ᎤᏍᏓᏩᏗᏓᏍᏗᏱ.
Esia ta Yesu gbugbɔ ge ɖe ʋu la me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii,
19 ᎠᏎᏃ ᎥᏝ ᏳᎵᏍᎪᎸᏓᏁᎴᎢ ᏥᏌ, ᎯᎠᏉᏍᎩᏂ ᏄᏪᏎᎴᎢ, ᏥᎮᎾ ᏗᏤᏅᏒ ᎪᎱᏍᏗ ᏗᏨᎾ ᏗᏁᎲᎢ, ᎠᎴ ᏫᏗᏃᎲᏏ ᏂᎦᎥ ᎤᏍᏆᏂᎪᏗ ᎤᎬᏫᏳᎯ ᏂᏣᏛᏁᎸᎢ, ᎠᎴ ᏣᏙᎵᏨᎢ.
gake egblɔ nɛ be, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.”
20 ᎤᏂᎩᏎᏃ, ᎠᎴ ᎤᎴᏅᎮ ᏚᏃᏣᎳᏁ ᎠᏍᎪᎯ-ᎢᎦᏚᎩᏱ, ᏂᎦᎥ ᎤᏍᏆᏂᎪᏗ ᏥᏌ ᏄᏛᏁᎸᎢ; ᎠᎴ ᏂᎦᏛ ᏴᏫ ᎤᏂᏍᏆᏂᎪᏎᎢ.
Ŋutsu la dze mɔ, eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame, eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ.
21 ᏥᏌᏃ ᏔᎵᏁ ᏥᏳᎯ ᏙᎤᏪᏐᏨ ᎢᏍᎪᎾ ᏫᎤᎷᏨ, ᎤᏂᏣᏘ ᏴᏫ ᎬᏩᏓᏡᏫᏍᏔᏁᎢ; ᎠᎴ ᎥᏓᎵ ᎤᎶᏗ ᎡᏙᎮᎢ.
Esi Yesu va ɖi go kple ʋua ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu.
22 ᎠᎴ ᎬᏂᏳᏉ ᎤᎷᏤ ᎩᎶ ᎢᏳᏍᏗ ᏄᎬᏫᏳᏌᏕᎩ ᏗᎦᎳᏫᎢᏍᏗᏱ, ᏤᎳ ᏧᏙᎢᏛ; ᎤᎪᎲᏃ [ ᏥᏌ ] ᏚᎳᏍᎬ ᎤᏓᏅᏁᎢ,
Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme,
23 ᎠᎴ ᎤᏣᏘ ᎤᏍᏗᏰᏔᏁᎢ, ᎯᎠ ᏄᏪᏎᎢ; ᎠᏇᏥ ᎠᎨᏳᏣ ᎿᎭᏉ ᎠᏲᎱᏍᎦ; ᎠᏎᏃ ᎢᏁᎾ, ᎯᏯᏏᏔᏛᎭ, ᎾᏍᎩ ᎤᏗᏫᏍᏗᏱ, ᎬᏁᏍᏗᏃ.
eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”
24 ᎤᏁᏅᏎᏃ; ᎠᎴ ᎤᏂᏣᏖ ᏴᏫ ᎬᏩᏍᏓᏩᏛᏎᎢ, ᎠᎴ ᎬᏩᏁᏄᎳᏍᏗᏍᎨᎢ.
Yesu tso kpla dze eyome, eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.
25 ᎩᎶᏃ ᎢᏳᏍᏗ ᎠᎨᏴ ᏔᎳᏚ ᏧᏕᏘᏴᏛ ᎬᏩᏓᎴᏅᏛ ᎩᎬ ᎤᏪᏅᎡᎮᎢ,
Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ.
26 ᎠᎴ ᎠᏂᎪᏗᏳ ᎠᏂᎦᎾᎦᏘ ᎤᏣᏘ ᎬᏩᎩᎸᏅᎯ ᎨᏎᎢ, ᎠᎴ ᎪᎱᏍᏗ ᎤᎲ ᏂᎦᏛ ᎤᏒᏅᎯ ᎨᏎ ᎠᎫᏱᏍᎬᎢ, ᎠᏎᏃ ᎥᏝ ᎣᏏᏳ ᏱᏄᎵᏍᏓᏁᎮᎢ, ᎧᏁᏉᎨᏉᏍᎩᏂ ᎤᏢᎬᎢ;
Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ.
27 ᎾᏍᎩ ᎤᏛᎦᏅ ᏥᏌ ᎠᏥᏃᎮᏍᎬᎢ, ᎣᏂᏗᏢ ᎤᏅᏘᏛ ᏄᎾᏛᏅ ᎤᎷᎯᏍᏔᏁ, ᎠᎴ ᎤᏒᏂᎴ ᎤᏄᏮᎢ.
Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu,
28 ᎯᎠᏰᏃ ᏄᏪᏎᎢ, ᏧᏄᏬᏉ ᎾᏍᏉ ᏱᏓᏆᏒᏂᎸ, ᏯᏆᏗᏫ.
elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ.”
29 ᎩᎳᏉᏃ ᎢᏴᏛ ᎩᎬ ᎤᏪᏅᎡᎲ ᎤᏲᎯᏍᏔᏁᎢ; ᎤᏙᎴᎰᏎᏃ ᎠᏰᎸ ᎤᏗᏩᏒ ᎾᏍᎩ ᎤᏢᎬᎢ.
Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.
30 ᏥᏌᏃ ᎩᎳᏉ ᎢᏴᏛ ᎤᏙᎴᎰᏒ ᎤᏩᏒ ᎨᏒ ᎤᏓᏅᏬᏗ ᎨᏒ ᎤᏄᎪᏨᎢ, ᎤᎦᏔᎲᏎ ᎾᎿᎭᎤᏅᏘᏛ ᎠᏂᏙᎾᎥᎢ, ᎠᎴ ᎯᎠ ᏄᏪᏎᎢ, ᎦᎪ ᏓᏒᏂᎦ ᏗᏆᏄᏬ?
Yesu se le eɖokui me enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ kɔ hebia be, “Ame kae ka asi nye awu ŋu?”
31 ᎬᏩᏍᏓᏩᏗᏙᎯᏃ ᎯᎠ ᏂᎬᏩᏪᏎᎴᎢ, ᏕᎩᎪᏩᏗᎭ ᎤᏂᏣᏘ ᎨᏣᏁᏄᎳᏍᏗᏍᎬ, ᏥᎪᏃ ᎦᎪ ᎠᏆᏒᏂᎦ ᎢᎭᏗᎭ?
Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, aleke wɔ nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?”
32 ᎬᏩᏚᏫᏛᏃ ᎤᎦᏖᏃᎴ ᎤᎪᏩᏛᏗᏱ ᎾᏍᎩ ᎯᎠ ᎢᏳᏛᏁᎸᎯ.
Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia.
33 ᎾᏍᎩᏃ ᎠᎨᏴ ᎠᏍᎦᎢᎮ ᎠᎴ ᎤᏪᎾᏫᏍᎨᎢ, ᎠᎦᏔᎮ ᏄᎵᏍᏓᏁᎸᎢ, ᎤᎷᏤ ᎠᎴ ᎡᎳᏗ ᎤᏓᏅᏁᎴᎢ, ᎠᎴ ᏂᎦᏛ ᏚᏳᎪᏛ ᎤᏃᏁᎴᎢ.
Kasia nyɔnu la do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hegblɔ nu si wòwɔ la nɛ.
34 ᎯᎠᏃ ᏄᏪᏎᎴᎢ, ᎠᏇᏥ, ᏦᎯᏳᏒ ᏣᏗᏫᏍᏓ; ᏅᏩᏙᎯᏯᏛ ᏥᎮᎾ, ᎠᎴ ᏣᏗᏩᏒᎯ ᎨᏎᏍᏗ ᏣᏢᎬᎢ.
Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.”
35 ᎠᏏᏉ ᎧᏁᎨᎢ, ᏄᎬᏫᏳᏌᏕᎩ ᏗᎦᎳᏫᎢᏍᏗᏱ ᎦᏁᎸ ᏅᏓᏳᎾᏓᎴᏅᎯ ᎤᏂᎷᏤ ᎯᎠ ᏄᏂᏪᏎᎢ, ᎤᏲᎱᏒ ᏤᏥ; ᎦᏙᏃ ᎠᏏᏉ ᎢᎯᏯᏕᏯᏙᏗᎭ ᏗᏕᏲᎲᏍᎩ?
Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.”
36 ᎤᏛᎦᏅᏉᏃ ᏥᏌ ᏄᏍᏛ ᎤᏂᏬᏂᏒᎢ, ᎯᎠ ᏄᏪᏎᎴ ᏄᎬᏫᏳᏌᏕᎩ ᏗᎦᎳᏫᎢᏍᏗᏱ, ᏞᏍᏗ ᏱᏍᎦᎢᎮᏍᏗ, ᏦᎯᏳᏎᏍᏗᏉ.
Yesu se nya si wova gblɔ na Yairo, ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.”
37 ᎥᏝ ᎠᎴ ᎩᎶ ᏳᎵᏍᎪᎸᏓᏁᎴ ᎬᏩᏍᏓᏩᏛᏍᏗᏱ, ᏈᏓ, ᎠᎴ ᏥᎻ, ᎠᎴ ᏣᏂ ᏥᎻ ᏗᎾᏓᏅᏟ ᎤᏅᏒ.
Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me.
38 ᎤᎷᏤᏃ ᎦᏁᎸ ᏄᎬᏫᏳᏌᏕᎩ ᏗᎦᎳᏫᎢᏍᏗᏱ, ᎠᎴ ᏚᎦᎮ ᎤᎾᏓᏑᏰᏛ ᏴᏫ, ᎠᎴ ᎤᏣᏘ ᏓᎾᏠᏱᎲ ᎠᎴ ᏓᏂᏴᎬᎢ.
Esi wòva ɖo ƒuƒoƒemegã ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒe la, elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo.
39 ᎤᏰᎸᏃ ᎯᎠ ᏂᏚᏪᏎᎴᎢ, ᎦᏙᏃ ᎢᏣᏓᏃᏴᎵᏍᏗᎭ, ᎠᎴ ᏙᏣᏠᏱᎭ? ᎥᏝ ᏳᏲᎱᏒ ᎠᎨᏳᏣ, ᎦᎵᎭᏉᏍᎩᏂ.
Ege ɖe aƒea me, eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avifafa kple hoowɔwɔe nye esia? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ wòdɔ!”
40 ᎢᎬᏩᏙᏢᏔᏁᏉᏃ. ᏂᎦᏛᏃ ᏚᏄᎪᏫᏐᏅ, ᎯᎠ ᎾᏍᎩ ᎠᎨᏳᏣ ᎤᏙᏓ ᎠᎴ ᎤᏥ ᎠᎴ ᎾᏍᎩ ᎠᏁᎯ ᏚᏘᏅᏎ, ᎠᎴ ᏭᏴᎴ ᎾᎿᎭᎠᎨᏳᏣ ᏗᏐᏅᎢ.
Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me.
41 ᎤᏬᏯᏁᏒᏃ ᎠᎨᏳᏣ, ᎯᎠ ᏄᏪᏎᎴᎢ, ᏔᎵᏓ ᎫᎻ; ᎾᏍᎩ ᎠᏁᏢᏔᏅᎯ ᎯᎠ ᏄᏍᏗ ᎦᏛᎦ; ᎯᎨᏳᏣ, ᎬᏲᏎᎭ, ᏔᎴᎲᎦ.
Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”).
42 ᎩᎳᏉᏃ ᎢᏴᏛ ᎠᎨᏳᏣ ᏚᎴᏁᎢ, ᎠᎴ ᎤᏪᏙᎴᎢ; ᏔᎳᏚᏰᏃ ᎢᏳᏕᏘᏴᏛ ᎨᏎᎢ. ᎤᏣᏔᏅᎯᏃ ᎤᏂᏍᏆᏂᎪᏎᎢ.
Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo.
43 ᎤᎵᏂᎩᏛᏃ ᏚᏁᏤᎴ ᏚᏅᏍᏓᏕᎴ ᎩᎶ ᎤᏙᎴᎰᎯᏍᏗᏱ ᎾᏍᎩ; ᎠᎴ ᎤᏁᏤᎪᎱᏍᏗ ᎤᎵᏍᏓᏴᏗ ᎤᏂᏁᏗᏱ.
Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.

< ᎣᏍᏛ ᎧᏃᎮᏛ ᎹᎦ ᎤᏬᏪᎳᏅᎯ 5 >