< ᎣᏍᏛ ᎧᏃᎮᏛ ᎷᎦ ᎤᏬᏪᎳᏅᎯ 20 >

1 ᎯᎠᏃ ᏄᎵᏍᏔᏁᎢ, ᎾᏍᎩ ᏌᏉ ᎢᎦ ᎾᎯᏳ ᎨᏒ, ᏕᎨᏲᎲᏍᎨ ᏴᏫ ᎤᏛᎾᏗᎦᎳᏫᎢᏍᏗᏱ, ᎣᏍᏛ ᎧᏃᎮᏛ ᎠᎵᏥᏙᎲᏍᎨᎢ, ᎾᏍᎩ ᏄᏂᎬᏫᏳᏒ ᎠᏥᎸᎠᏁᎶᎯ, ᎠᎴ ᏗᏃᏪᎵᏍᎩ ᎬᏩᏃᎴᎢ, ᎤᎾᎵᎪᏎ ᏗᏂᎳᏫᎩ,
Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii.
2 ᎠᎴ ᎬᏩᎵᏃᎮᏔᏁ, ᎯᎠ ᏄᏂᏪᏎᎢ, ᏍᎩᏃᎲᏏ, ᎦᏙ ᏣᎵᏍᎦᏍᏙᏗ ᎯᎠ ᎾᏍᎩ ᏥᏄᏍᏗ ᏥᏕᏣᎸᏫᏍᏓᏁᎭ? ᎠᎴ ᎦᎪ ᎾᏍᎩ Ꮎ ᏣᏁᎸᎯ ᎾᏍᎩ ᎢᏣᏛᏁᏗᏱ?
Wogblɔ nɛ be, “Gblɔe na mí, ŋusẽ kae nètsɔ wɔ esiawoe? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò?”
3 ᎤᏁᏨᏃ ᎯᎠ ᏂᏚᏪᏎᎴᎢ, ᎠᏴ ᎾᏍᏉ ᏑᏓᎴᎩ ᏓᏨᏯᏛᏛᏂ; ᎠᎴ ᏍᎩᏃᎲᏏ;
Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi.
4 ᏣᏂ ᏧᏓᏬᏍᏗ ᎨᏒᎢ, ᎦᎸᎳᏗᏍᎪ ᏧᏓᎴᏁᎢ, ᏴᏫᏉᎨ ᎠᏁᎲᎢ.
Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?’”
5 ᏙᏧᎾᏓᏅᏛᏃ ᎤᎾᏓᏅᏖᎴ ᎯᎠ ᎾᏂᏪᏍᎨᎢ, ᎢᏳᏃ ᎦᎸᎳᏗ, ᏲᎦᏛᏅ, ᎯᎠ ᏱᏃᎩᏪᏏ, ᎦᏙᏃ Ꮭ ᏱᎡᏦᎢᏳᏁᎢ?
Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’
6 ᎢᏳᏃ ᏴᏫᏉ ᎠᏁᎲᎢ, ᏲᎦᏛᏅ, ᏂᎦᏛᏉ ᏴᏫ ᏅᏯ ᏱᏕᎪᎬᏂᏍᏓ; ᏣᏂᏰᏃ ᎠᏙᎴᎰᏍᎩ ᎨᏒᎩ, ᎠᏁᎵᎭ.
Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”
7 ᎤᏂᏁᏨᏃ, ᎥᏝ ᏲᏥᎦᏔᎭ ᏧᏓᎴᏅᎢ, ᎤᎾᏛᏁᎢ.
Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.”
8 ᏥᏌᏃ ᎯᎠ ᏂᏚᏪᏎᎴᎢ, ᎥᏝ ᎾᏍᏉ ᎠᏴ ᏴᎨᏨᏃᎲᏏ ᎢᏳᏍᏗ ᎨᏒ ᎠᏆᎵᏍᎦᏍᏙᏛ ᎯᎠ ᎾᏍᎩ ᏥᏓᎩᎸᏫᏍᏓᏁᎭ.
Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔ nu siawo la na mi o.”
9 ᎠᎴ ᎿᎭᏉ ᎤᎴᏅᎮ ᎾᏍᎩ ᎯᎠ ᏚᏟᎶᏍᏓᏁᎴ ᏴᏫ; ᎩᎶ ᎢᏳᏍᏗ ᎠᏍᎦᏯ ᏖᎸᎳᏗ ᏚᏫᏎᎢ, ᎠᎴ ᏚᏙᎳᏍᏔᏁ ᏠᎨᏏ ᏭᏂᎸᏫᏍᏓᏁᎯ, ᎠᎴ ᎢᏅ ᏭᎶᏎ ᎪᎯᏛ ᏭᏪᏙᎴᎢ.
Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe.
10 ᎾᎯᏳᏃ ᎤᏅᏂᏍᏗᏱ ᎨᏒ ᎤᏅᏏᏓᏍᏗ ᎤᏅᏎ ᏠᎨᏏ ᏧᏂᎸᏫᏍᏓᏁᎯ ᏗᏁᎲᎢ, ᎾᏍᎩ ᏂᏙᏓᎬᏩᏅᏁᏗᏱ ᎤᎾᏓᏛᏅᎯ ᏖᎸᎳᏗ ᏓᏫᏒᎢ; ᎠᏎᏃ ᏠᎨᏏ ᏧᏂᎸᏫᏍᏓᏁᎯ ᎤᏂᎵᎥᏂᎸ ᎠᏒᎭ ᎤᏂᎨᎯᏙᎴᎢ.
Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.
11 ᎠᎴ ᏔᎵᏁ ᏅᏩᏓᎴ ᎤᏅᏎ ᎤᏅᏏᏓᏍᏗ ᎦᎬᏩᏂᏐᏢᏔᏅ, ᎠᏒᎭ ᎤᏂᎨᎯᏙᎴᎢ.
Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa, gake wowɔ eya hã nenema; woƒoe, eye esi wodo ŋukpee la, wonyae wòdzo asi ƒuƒlu.
12 ᎠᎴᏬ ᏦᎢᏁ ᎤᏅᏎᎢ; ᎾᏍᎩᏃ ᎾᏍᏉ ᎤᏂᏐᏅᏅ ᎤᏂᏄᎪᏫᏎᎢ.
Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzi kpɔlawo. Wode abi eŋu, eye wotsɔe le agblea me ƒu gbe.
13 ᎿᎭᏉᏃ ᏖᎸᎳᏗ ᏓᏫᏒ ᎤᏤᎵᎦ, ᎯᎠ ᏄᏪᏎᎢ, ᎦᏙ ᏓᎦᏛᏁᎵ? ᎠᏇᏥ ᏥᎨᏳᎢ ᏓᏥᏅᏏ; ᏯᏂᎸᏉᏓ ᏱᎩ ᎾᏍᎩ ᎠᏂᎪᎲᎭ.
“Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’
14 ᎠᏎᏃ ᏠᎨᏏ ᏧᏂᎸᏫᏍᏓᏁᎯ ᎤᏂᎪᎲ, ᎤᏅᏒ ᎨᏒ ᎤᎾᎵᏃᎮᎴ ᎯᎠ ᏂᏚᎾᏓᏪᏎᎴᎢ, ᎯᎠ ᎾᏍᎩ ᎤᏘᏰᏗ ᏥᎩ ᏧᎬᏩᎶᏗ, Ꭷ, ᎡᏗᎷᎦ, ᎾᏍᎩᏃ ᏧᎬᏩᎶᏗ ᎤᏘᏯᏍᏓᏁᏗ ᎨᏒ ᎢᎦᏤᎵ ᏱᏂᎦᎵᏍᏓ.
“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si ava nyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui be eƒe domenyinu nazu mía tɔ.’
15 ᎰᏩᏃ ᎤᏂᏄᎪᏫᏒ ᏖᎸᎳᏗ ᏓᏫᏒᎢ, ᎤᏂᎴᎢ. ᎾᏍᎩ ᎢᏳᏍᏗ ᎾᏍᎩ Ꮎ ᏖᎸᎳᏗ ᏓᏫᏒ ᎤᏤᎵᎦ ᎦᏙ ᏙᏓᎬᏁᎵ ᎾᏍᎩ?
Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ?
16 ᏓᎦᎷᏥ ᎠᎴ ᏙᏛᏛᏔᏂ ᎾᏍᎩ Ꮎ ᏠᎨᏏ ᏧᏂᎸᏫᏍᏓᏁᎯ, ᎠᎴ ᏅᏩᎾᏓᎴ ᏙᏛᏁᎵ ᏖᎸᎳᏗ ᏓᏫᏒᎢ. ᎾᏍᎩᏃ ᎤᎾᏛᎦᏁᎸ, ᎥᏞᏍᏗ, ᎤᎾᏛᏁᎢ.
Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!”
17 ᏚᎧᎿᎭᏅᏃ, ᎯᎠ ᏄᏪᏎᎢ, ᎦᏙᏃ ᎾᏍᎩ ᎯᎠ ᏥᏂᎬᏅ ᏥᎪᏪᎳ, ᏗᎾᏁᏍᎨᏍᎩ ᎤᏂᏲᎢᏎᎸᎯ ᏅᏯ ᎾᏍᎩ ᏄᎬᏫᏳᏒ ᎤᏅᏏᏴ ᎠᏗ ᏄᎵᏍᏔᏅ?
Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, “‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?”
18 ᎩᎶ ᎾᏍᎩ ᎾᎿᎭᏅᏲᎯ ᎠᏢᏨᎭ ᏓᏳᏐᏅᏂ; ᎩᎶᏃ ᎾᏍᎩ ᎤᏐᏅᎭ ᏓᏳᏪᏓᏬᏔᏂ.
Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.”
19 ᏄᏂᎬᏫᏳᏒᏃ ᎠᏥᎸ-ᎠᏁᎶᎯ ᎠᎴ ᏗᏃᏪᎵᏍᎩ ᎾᎯᏳᏉ ᎤᎾᏁᎶᏔᏁ ᎤᏂᏂᏴᏗᏱ, ᎠᏎᏃ ᏚᏂᏍᎦᎴ ᏴᏫ; ᎤᎾᏙᎴᎰᏎᏰᏃ ᎾᏍᎩ ᎯᎠ ᏚᏟᎶᏍᏔᏅ ᎤᏅᏒ ᎨᏥᏛᎬᎢ.
Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.
20 ᎬᏩᎦᏌᏯᏍᏕᏃ, ᎠᎴ ᏙᏧᏂᏅᏎ ᎠᎾᏓᎦᏌᏯᏍᏗᏍᎩ, ᎾᏍᎩ ᎤᎾᏓᏅᏘ ᎤᎾᏣᎸᏗᏱ ᎾᏍᎩ ᎬᏩᎪᏁᎶᎯᏎᏗᏱ ᎦᏬᏂᏍᎬᎢ, ᎾᏍᎩᏃ ᏫᏚᏂᏲᎯᏎᏗᏱ ᎤᏰᎢᎵᏓᏍᏗᏱ ᎤᎬᏫᏳᎯ.
Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ.
21 ᎬᏩᏛᏛᏁᏃ ᎯᎠ ᏄᏂᏪᏎᎢ, ᏔᏕᏲᎲᏍᎩ, ᎣᏥᎦᏔᎭ ᎯᏬᏂᏍᎬ ᎠᎴ ᏕᎭᏕᏲᎲᏍᎬ ᏚᏳᎪᏛ ᎨᏎᎢ, ᎠᎴ ᏂᏘᎸᏉᏙᏛᎾ ᎨᏒ ᏄᎾᏍᏛ ᏴᏫ, ᎤᏁᎳᏅᎯᏍᎩᏂ ᎤᏤᎵ ᎦᏅᏅ ᎤᏙᎯᏳᎯᏯ ᏕᎭᏕᏲᎲᏍᎬᎢ;
Wova Yesu gbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míenyae be nufiala anukwaretɔe nènye. Ètoa nyateƒe ɣe sia ɣi, eye mèkpɔa ame aɖeke hã ŋkume o, ke boŋ èfiaa nu si nye Mawu ƒe mɔwo.
22 ᏚᏳᎪᏗᏍᎪ ᏏᏌ ᎡᏓᎫᏴᎡᏗᏱ ᎠᏰᎵ ᎠᎫᏴᏗ ᎨᏒᎢ, ᏝᎨ?
Azɔ gblɔ wò susu na mí tso nya sia ŋuti. Enyo be míadzɔ nu na Kaisaro loo alo menyo o.”
23 ᎠᏎᏃ ᎤᏙᎴᎰᏎ ᎠᏂᏏᎾᏌᏅᎬᎢ, ᎠᎴ ᎯᎠ ᏂᏚᏪᏎᎴᎢ, ᎦᏙᏃ ᎢᏍᎩᏌᏛᎥᏍᎦ?
Yesu kpɔ aye si wɔm ameawo nɔ la dze sii, eya ta wògblɔ be,
24 ᏥᎪᏩᏛ ᎠᎩᏏ ᏧᎬᏩᎶᏗ. ᎦᎪ ᏓᎦᏟᎶᏍᏗ, ᎠᎴ ᎦᎪ ᎠᏥᏃᎮᎭ ᎯᎠ ᏥᎪᏪᎳ? ᎤᏂᏁᏤᏃ, ᏏᏌ, ᎤᎾᏛᏁᎢ.
“Mitsɔ kɔba ɖeka nam makpɔ ɖa. Ame ka ƒe tatae nye esia le kɔba sia dzi? Eye ame ka ƒe ŋkɔe le tata la te?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro si nye Roma duwo katã dzi ɖula ƒe tatae.”
25 ᎯᎠᏃ ᏂᏚᏪᏎᎵᎢ, ᏏᏌ ᎠᏗᎾ ᎡᏣᎫᏴᏏ ᏏᏌ ᎤᏤᎵᎦ, ᎤᏁᎳᏅᎯᏃ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᎤᏤᎵᎦ.
Egblɔ na wo be, “Ekema mitsɔ nu si nye Kaisaro tɔ la nɛ, eye mitsɔ nu si nye Mawu tɔ la na Mawu!”
26 ᎧᏁᎬᏃ ᎥᏝ ᏰᎵ ᎦᎬᏩᏂᎪᏁᎶᎯᏎᏗ ᏱᎨᏎ ᏴᏫ ᎠᏂᎦᏔᎲᎢ; ᎤᏂᏍᏆᏂᎪᏎᏃ ᏄᏪᏒ ᎤᏁᏨᎢ, ᎠᎴ ᎡᎳᏪᏱ ᎤᏅᏁᎢ.
Ale mɔ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.
27 ᎿᎭᏉᏃ ᎩᎶ ᎢᏳᎾᏍᏗ ᎠᏂᏌᏚᏏ, ᎾᏍᎩ ᏣᎾᏓᏱᎭ ᎠᏲᎱᏒ ᏗᎴᎯᏐᏗ ᎨᏒᎢ, ᎬᏩᎷᏤᎸ ᎬᏩᏛᏛᏁᎢ,
Azɔ Zadukitɔ aɖewo, ame siwo xɔe se be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o la
28 ᎯᎠ ᏄᏂᏪᏎᎢ, ᏔᏕᏲᎲᏍᎩ, ᎼᏏ ᎣᎪᏪᏁᎸᎩ ᎯᎠ ᏃᎩᏪᏎᎸᎩ, ᎩᎶ ᏗᎾᏓᏅᏟ ᎠᏲᎱᏍᎨᏍᏗ ᎤᏓᎵᎢ ᎤᏪᎧᎮᏍᏗ, ᎠᎴ ᏧᏪᏥ ᎾᏁᎲᎾ ᎠᏲᎱᏍᎨᏍᏗ, ᎾᏍᎩ ᏗᎾᏓᏅᏟ ᎠᏓᏰᎨᏍᏗ ᎤᏓᏴᏛ, ᎠᎴ ᏓᏛᎯᏍᏓᏁᎮᏍᏗ ᏧᏪᏥ ᏗᎾᏓᏅᏟ.
va Yesu gbɔ kple nya sia be, “Mose ƒe se gblɔ be nenye be ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, gake wo kple srɔ̃a medzi vi hafi wòku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia, eye vi si woadzi la anye ame si ku la tɔ.
29 ᎾᏍᎩᏃ ᎠᏁᎲᎩ ᎦᎵᏉᎩ ᎢᏯᏂᏛ ᎠᎾᎵᏅᏟ; ᎤᏓᏂᎵᎨᏃ ᎤᏕᏒᏅᎩ, ᎠᎴ ᎤᏲᎱᏒ ᏧᏪᏥ ᎾᏁᎲᎾ.
Míenya ƒome aɖe, si me ɖekakpui adre nɔ. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi aɖeke hafi ku o.
30 ᎠᎴ ᏔᎵᏁ ᏪᎯ ᎾᏍᎩ ᎤᏓᏴᏒᎩ, ᎠᎴ ᎤᏲᎱᏒ ᏧᏪᏥ ᎾᏁᎲᎾ.
Ame si dzɔ ɖe eyome la ɖe ahosia, gake eya hã medzi vi kplii hafi trɔ megbe o.
31 ᎠᎴ ᏦᎢᏁ ᏪᎯ ᎤᏓᏴᏒᎩ; ᎠᎴ ᎾᏍᎩᏯ ᎾᏍᏉ ᎦᎵᏉᎩ ᎢᏯᏂᏛ; ᎠᎴ ᏧᏁᏥ ᎾᏁᎲᎾ ᏚᏂᏲᎱᏒᎩ.
Ke etɔ̃lia hã ɖee, eye nu sia yi edzi ʋuu va se ɖe esime ɖekakpui adreawo katã ɖe ahosia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii hafi ku o.
32 ᎣᏂᏱᏃ ᎠᎨᏴ ᎾᏍᏉ ᎤᏲᎱᏒᎩ.
Nyɔnua hã va ku mlɔeba.
33 ᎾᏍᎩᏃ ᎿᎭᏉ ᏗᎴᎯᏐᏗ ᏂᎦᎵᏍᏔᏂᎸᎭ, ᎦᎪ ᎤᏓᎵᎢ ᎨᏎᏍᏗ ᎾᏍᎩ, ᎦᎵᏉᎩᏰᏃ ᎢᏯᏂᏛ ᎤᎾᏓᏴᏛ ᎢᎩ.
Azɔ míaƒe biabia lae nye be, ame ka srɔ̃e nyɔnu sia anye nenye be wofɔ tso ku me? Elabena ŋutsuawo katã ɖee kpɔ!”
34 ᏥᏌᏃ ᎤᏁᏨ ᎯᎠ ᏂᏚᏪᏎᎴᎢ, ᎠᏂ ᎡᎶᎯ ᎠᏁᎯ ᏓᎾᏕᏒᎲᏍᎪᎢ ᎠᎴ ᏕᎨᏥᏰᎪᎢ; (aiōn g165)
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame siwo le agbe le xexe sia mee woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi na. (aiōn g165)
35 ᎾᏍᎩᏍᎩᏂ ᏐᎢᏱ ᏗᎨᏒ ᎠᎴ ᎠᏲᎱᏒ ᏗᎴᎯᏐᏗ ᎨᏒ ᏰᎵᏉ ᎬᏩᎾᏖᎳᏗᏍᏗ ᎨᏥᏰᎸᎯ, ᎥᏝ ᏱᏓᎾᏕᏒᎲᏍᎪᎢ, ᎥᏝ ᎠᎴ ᏱᏗᎨᏥᏰᎪᎢ. (aiōn g165)
Gake ame siwo dze be woƒe asi nasu xexe kemɛ kple fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo la, womaɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ wo ana be woaɖe hã o. (aiōn g165)
36 ᎥᏝ ᎠᎴ ᎿᎭᏉ ᏗᎬᏩᏂᏲᎱᎯᏍᏗ ᏱᎨᏎᏍᏗ; ᏗᏂᎧᎿᎭᏩᏗᏙᎯᏍᎩᏂ ᎦᎸᎳᏗ ᎠᏁᎯ ᏄᎾᏍᏛ ᎾᏍᎩᏯ ᏄᎾᏍᏕᏍᏗ; ᎠᎴ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᏧᏪᏥ ᎾᏍᎩ, ᎠᏲᎱᏒ ᏗᎴᎯᏐᏗ ᎨᏒ ᏧᏪᏥ ᎨᏒ ᎢᏳᏍᏗ.
Womagaku hã o, ale woanɔ abe mawudɔlawo ene, eye woanye Mawu viwo, elabena wofɔ wo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
37 ᎾᏃ ᏧᏂᏲᎱᏒᎯ ᏧᎾᎴᎯᏐᏗ ᎨᏒ, ᏱᏏ ᎬᏂᎨᏒ ᏄᏩᏁᎴ ᎤᏪᏲᏓᏛᎢ, ᎾᎯᏳ ᏱᎰᏩ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᎡᏆᎭᎻ ᎤᏤᎵᎦ, ᎠᎴ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᎡᏏᎩ ᎤᏤᎵᎦ, ᎠᎴ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᏤᎦᏈ ᎤᏤᎵᎦ, ᏧᏬᏎᎴᎢ.
“Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, Mose gɔ̃ hã gblɔe fia le ŋuve mumu si nɔ bibim la gbɔ, esi wòyɔ Mawu be, ‘Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’
38 ᎤᏁᎳᏅᎯᏰᏃ ᎥᏝ ᏧᏂᏲᎱᏒᎯ ᎤᎾᏤᎵᎦ ᏱᎩ, ᏗᏅᏃᏛᏍᎩᏂ; ᎾᏍᎩᏰᏃ ᎠᏓᏅᏖᏍᎬ ᏂᎦᏗᏳ ᏗᏅᏃᏛ.
Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.”
39 ᎿᎭᏉᏃ ᎩᎶ ᎢᏳᎾᏍᏗ ᏗᏃᏪᎵᏍᎩ ᎤᏂᏁᏤ ᎯᎠ ᏄᏂᏪᏎᎢ, ᏔᏕᏲᎲᏍᎩ, ᏰᎵᎦᏯ ᏂᏫ.
Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!”
40 ᎾᎯᏳᏃ ᎢᏳᏓᎴᏅᏛ ᎠᏂᏍᎦᎢᎮ ᎪᎱᏍᏗ ᎬᏩᏛᏛᏗᏱ.
Ale wodzudzɔ woƒe nyawo biabia, elabena dzi megale wo ƒo be woagabia nya aɖekee o.
41 ᎯᎠᏃ ᏂᏚᏪᏎᎴᎢ, ᎦᏙ ᏗᎦᎵᏍᏙᏗᎭ ᎦᎶᏁᏛ ᏕᏫ ᎤᏪᏥ ᏣᎾᏗᎭ?
Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka ta wogblɔ be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo?
42 ᏕᏫᏃ ᎤᏩᏒ ᎯᎠ ᏂᎦᏪᎭ ᏗᎧᏃᎩᏍᏗᏱ ᎪᏪᎵ, ᏱᎰᏩ ᎯᎠ ᏄᏪᏎᎴ ᎤᎬᏫᏳᎯ ᎠᏆᏤᎵᎦ, ᏥᎦᏘᏏ ᎢᏗᏢ ᏦᎴᏍᏗ,
Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusime,
43 ᎬᏂ ᎨᏣᏍᎦᎩ ᏗᏣᎳᏏᏗᏱ ᎦᏍᎩᎶ ᏂᎦᏥᏴᏁᎸᎭ.
va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.”’
44 ᏕᏫᏰᏃ ᏣᎬᏫᏳᎯ ᎪᏎᎭ; ᎦᏙᏃ ᏗᎦᎵᏍᏙᏗᎭ ᎤᏪᏥ ᎢᎩ?
David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Aleke wɔ wòaganye via?”
45 ᎿᎭᏉᏃ ᏂᎦᏛ ᏴᏫ ᎤᎾᏛᏓᏍᏛ, ᎯᎠ ᏂᏚᏪᏎᎴ ᎬᏩᏍᏓᏩᏗᏙᎯ,
Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le esime ameha la nɔ to ɖomii, eye wògblɔ na wo be,
46 ᏕᏤᏯᏙᏤᎮᏍᏗ ᏗᏃᏪᎵᏍᎩ, ᎾᏍᎩ ᏧᎾᏚᎵᏍᎪ ᏗᎦᏅᎯᏛ ᏧᎾᏄᏩᎢ ᎤᏁᏓᏍᏗᏱ, ᎠᎴ ᎣᏏᏳ ᏧᏂᏰᎸᎭ ᎨᏥᏲᎵᏍᏗᏱ ᏗᎦᏃᏙᏗᏱ, ᎠᎴ ᏄᎬᏫᏳᏒ ᏕᎦᏍᎩᎸ ᏗᎦᎳᏫᎢᏍᏗᏱ, ᎠᎴ ᏄᎬᏫᏳᏒ ᏗᎾᏢᏗᏱ ᏓᎾᎵᏍᏓᏴᎲᏍᎬᎢ;
“Mikpɔ nyuie le sefialawo ŋuti, elabena wolɔ̃a awu ʋlayawo dodo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo ne yewole zɔzɔm le ablɔwo dzi. Wolɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodia kplɔ̃tanɔnɔ vevie le nuɖukplɔ̃ɖoƒewo.
47 ᎾᏍᎩ ᏥᏓᏂᏒᏁᎰ ᏧᏃᏑᎶᏨᎯ ᏓᏂᏁᎸᎢ, ᎠᎴ ᎤᎾᏠᎾᏍᏛ ᎪᎯᏗᏳ ᏣᎾᏓᏙᎵᏍᏗᏍᎪᎢ; ᎾᏍᎩ ᎤᏟᎯᏳ ᎢᎦᎢ ᎤᏂᎩᎵᏲᎢᏍᏗ ᎨᏎᏍᏗ.
Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”

< ᎣᏍᏛ ᎧᏃᎮᏛ ᎷᎦ ᎤᏬᏪᎳᏅᎯ 20 >