< ᎨᏥᏅᏏᏛ ᏄᎾᏛᏁᎵᏙᎸᎢ 28 >

1 ᎤᎾᏛᏂᏛᏃ ᎩᎳ ᎤᎾᏙᎴᎰᏒᎩ ᎾᏍᎩ ᎠᎹᏰᎵ ᎻᎳᏗ ᏚᏙᎥᎢ,
Esi míekpɔ ɖeɖe megbe la, míeva nya be ƒukpo si woyɔna be Mɔlta la dzie míeva ɖo.
2 ᏅᏩᎾᏓᎴᏃ ᏴᏫ ᎾᎿᎭᎠᏁᎯ ᎤᏣᏘ ᎣᏏᏳ ᎪᎩᏍᏆᏂᎪᏔᏅᎩ; ᎤᏃᏔᏅᏰᏃ ᏕᎪᎦᏓᏂᎸᏨᎩ ᏂᎦᏛ, ᏅᏓᎦᎵᏍᏙᏗᏍᎬᎩ ᎠᎦᏍᎬᎢ ᎠᎴ ᎤᏴᏢᎢ.
Ƒukpoa dzi tɔwo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Esi tsi nɔ dzadzam eye vuvɔ nɔ wɔwɔm ta la, wodo dzo gã aɖe na mí be míaƒu.
3 ᏉᎳᏃ ᏫᏚᏭᏕᏒ ᏏᏄᎩᏝᏅᎯ ᎠᏓ, ᎠᎴ ᏚᎲᏔᏅ, ᎢᎾᏛ ᎤᏗᎴᎬ ᏓᏳᎾᏄᎪᏨᎩ ᎤᏬᏰᏂ ᎤᏪᏖᎳᏛᏨᎩ.
Esi Paulo fɔ nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me ko la, da vɔ̃ɖi aɖe do tso nake la me, le dzoxɔxɔ la ta, eye wòbla ɖe Paulo ƒe alɔnu.
4 ᎾᏍᎩᏃ ᏅᏩᎾᏓᎴ ᏴᏫ ᎤᏂᎪᎲ ᎢᎾᏛ ᎦᏖᎳᏛ ᎤᏬᏰᏂ, ᎯᎠ ᏂᏚᎾᏓᏪᏎᎸᎩ; ᎥᏝ ᏳᏝᏏᏛᎭ ᎯᎠ ᎠᏍᎦᏯ ᏴᏫ ᏗᎯᎯ ᎨᏒᎢ; ᎤᏙᎯᏳᎯᏍᎩᏂᏃᏅ ᎾᏍᎩ ᎠᎺᏉᎯ ᎠᏗᏫᏏ, ᎠᏎᏃ ᎤᏞᎩ ᎥᏝ ᎬᏁᏍᏗ ᏳᏪᎵᏎᎭ.
Nu sia wɔ nuku, eye wòdo vɔvɔ̃ na ame siwo nɔ afi ma ŋutɔ, ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame sia la, hlɔ̃dola vɔ̃ɖi aɖee wònye; togbɔ be metsi ƒu me ku o hã la, Mawu ƒe hlɔ̃biabia melɔ̃ be wòatsi agbe o.”
5 ᎠᏥᎸᏱᏃ ᏭᏙᎥᏔᏅᎩ ᎢᎾᏛ, ᎠᎴ ᎥᏝ ᎪᎱᏍᏗ ᏳᎵᏍᏔᏁᎢ.
Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o.
6 ᎠᏎᏃ ᎤᎾᎦᏙᏍᏔᏅᎩ, ᏓᎪᏘᏏ ᎠᎴ ᎤᏲᎱᏒᎯ ᏓᎦᏅᏥ ᏛᏰᎶᎢᏍᏔᏂ, ᎠᏁᎵᏍᎬᎩ; ᎠᏎᏃ ᎤᏬᎯᏨ ᎤᎾᎦᏙᏍᏔᏅ, ᎠᎴ ᎤᎾᏙᎴᎰᏒ ᎪᎱᏍᏗ ᏄᎵᏍᏓᏁᎸᎾ ᎨᏒᎢ, ᎤᏂᏁᏟᏴᏒᎩ ᏄᏍᏛ ᎠᎾᏓᏅᏖᏍᎬᎢ, ᎠᎴ ᎦᎸᎳᏗ ᎡᎯ, ᎤᎾᏛᏅᎩ.
Ameawo nɔ mɔ kpɔm be Paulo ƒe abɔ ate, eye wòadze anyi aku, ke esi wolala ʋuu nya aɖeke medzɔ ɖe edzi o la, wotrɔ woƒe susuwo hegblɔ be Paulo la, Mawu aɖe koko wòanye.
7 ᎾᎿᎭᏃ ᎾᎥ ᏚᎶᎨᏒᎩ ᏄᎬᏫᏳᏒ ᎠᏍᎦᏯ ᎾᎿᎭᎠᎹᏰᎵ ᎤᏪᎧᎲᎢ, ᏆᏟᏯ ᏧᏙᎢᏛ; ᎾᏍᎩ ᏙᎦᏓᏂᎸᏨᎩ, ᎠᎴ ᏦᎢ ᏧᏒᎯᏛ ᎤᏙᎵᏍᏙᏏᏳ ᎣᎩᏍᏆᏂᎪᏔᏅᎩ ᎦᏁᎸᎢ.
Ƒukpo sia ƒe Mɔmefia ŋkɔe nye Publio, ame sia ƒe anyigba kple aƒe te ɖe ƒuta, afi si míeva ɖi go ɖo. Publio xɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒe me, hekpɔ mía dzi nyuie ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.
8 ᎯᎠᏃ ᏄᎵᏍᏔᏅᎩ, ᎾᏍᎩ ᏆᏟᏯ ᎤᏙᏓ ᎦᏅᎬᎩ ᎤᏗᎴᎲᏍᎬᎩ ᎠᎴ ᎩᎬ ᏚᏩᎫᏍᎬᎩ, ᎾᏍᎩ ᏉᎳ ᎤᏴᎸᎩ ᎦᏅᎬᎢ, ᎤᏓᏙᎵᏍᏔᏅᏃ ᎠᎴ ᏚᏏᏔᏛ ᎤᏅᏩᏅᎩ.
Publio fofo ƒe lãme menɔ kɔkɔm tututu o, elabena asrã kple kpetadɔ nɔ fu ɖem nɛ. Paulo yi egbɔ, do gbe ɖa, heda asi ɖe edzi ale be eƒe lãme sẽ.
9 ᎾᏍᎩᏃ ᏄᎵᏍᏔᏅ, ᏅᏩᎾᏓᎴ ᎾᏍᏉ ᏧᏂᏢᎩ ᎾᎿᎭᎠᎹᏰᎵ ᎠᏁᎯ ᎤᏂᎷᏨᎩ, ᎠᎴ ᏕᎨᏥᏅᏩᏅᎩ;
Enumake dɔnɔ siwo katã nɔ teƒea la va Paulo gbɔ, eye wòda gbe le wo katã ŋu.
10 ᎾᏍᎩ ᎾᏍᏉ ᎪᎩᎸᏉᏗᏍᎬᎢ ᎤᏣᏛᎩ ᎪᎩᏁᎸᏅᎩ; ᎢᎣᎦᏂᎩᏒᏃ ᎪᎦᎵᏁᏌᎳᏁᎸᎩ ᏧᏓᎴᎳᏅᏛ ᎣᎦᎵᏍᏕᎸᏙᏗ.
Dzi dzɔ ƒukpoa dzi tɔwo ŋutɔ ale wotsɔ nunana ƒomevi geɖewo vɛ na mí, eye esi ɣeyiɣi de na mí be míadzo la, wodo agba na míaƒe tɔdziʋu la nyuie ŋutɔ kple nu siwo katã ava hiã mí le míaƒe mɔzɔzɔ la me.
11 ᏦᎢᏃ ᎢᏯᏅᏙ ᎤᎶᏐᏅ ᎣᎦᏂᎩᏒᎩ, ᎣᎦᏣᏅᎩ ᏥᏳᎯ ᎡᎵᎩᏱ ᎡᎯ, ᎾᎿᎭᎠᎹᏰᎵ ᏏᎪᎳᏗᏱᏍᎩ ᎤᏂᏔᎳᏛᎯ, ᎾᏍᎩ ᎪᎵᏍᏙᏗ ᎧᏍᏓ ᎠᎴ ᏉᎳᏥ ᎪᏪᎸᎩ.
Míenɔ Mɔlta ƒukpo la dzi ɣleti etɔ̃ hafi gadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe si woyɔna be Venɔviwo si tso Aleksandria, eye wòva tsi ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la me.
12 ᏌᎴᎫᏏᏃ ᎣᎦᏚᎩᏒ, ᎾᎿᎭᏦᎢ ᏃᎩᏒᎸᎩ.
Teƒe gbãtɔ si míetɔ ɖo lae nye Sirakusa, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃.
13 ᎾᎿᎭᏃ ᏫᎣᎨᏅ ᎠᎪᎸᏛ ᏬᎩᏅᏍᏔᏅᎩ, ᎵᏥᏯ ᏬᎩᎷᏨᎩ. ᏑᏙᏓᏆᏛᏃ ᎤᎶᏐᏅ ᏧᎦᎾᏮ ᎢᏗᏢ ᏓᏳᏃᎸᏔᏅᎩ; ᎤᎩᏨᏛᏃ ᏇᏗᎣᎵ ᏬᎩᎷᏨᎩ.
Tso Sirakusa la, míeƒo xlã nu heyi Regio, eye tso afi ma la, ya aɖe ƒo ɖe mí tso anyigbeme gome, ale be le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Puteoli, afi si míedo go xɔsetɔ aɖewo le.
14 ᎾᎿᎭᏙᏥᏩᏛᎲᎩ ᎣᏣᏓᏅᏟ, ᎠᎴ ᎪᎩᏔᏲᏎᎸᎩ ᎦᎸᏉᎩ ᏧᏒᎯᏛ ᏓᏂᏁᎸ ᎣᎦᏅᏗᏱ. ᎿᎭᏉᏃ ᎶᎻ ᏫᏚᏳᎪᏛ ᏬᎩᎶᏒᎩ.
Xɔsetɔ siawo di tso mía si vevie be míanɔ yewo gbɔ vie, ale míelɔ̃, nɔ wo gbɔ ŋkeke adre. Tso Puteoli la, míeɖo ta Roma.
15 ᎾᎿᎭᏃ ᎠᎾᏓᏅᏟ ᏗᎪᎦᏛᎦᏅ, ᎡᏈᏲᎢ ᎢᏴᏛ ᎠᎴ ᏦᎢ-ᎢᏗᎵᏍᏓᏴᏗᏱ ᏕᎪᎦᏠᏏᎸᎩ; ᏉᎳ ᎾᏍᎩ ᏚᎪᎲ ᎤᎵᎮᎵᏤᎸᎩ ᎤᏁᎳᏅᎯ, ᎠᎴ ᎤᎦᎵᏍᏗ ᎤᏓᏅᏓᏛᎩ.
Esi xɔsetɔ siwo le Roma la se be míegbɔna la, wo dometɔ aɖewo va kpe mí le keke teƒe si woyɔna be Apioforo, eye wòdidi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaenyi sɔŋ ene. Ame bubuwo hã va kpe mí le afi si woyɔna be, “Amedzrodzeƒe etɔ̃awo.” Teƒe sia hã didi tso Roma gbɔ abe agbadroƒe blaadre ene. Esi Paulo kpɔ xɔsetɔ siawo la, dzi dzɔe ŋutɔ; dzi ɖo eƒo, eye wòda akpe na Mawu.
16 ᎶᎻᏃ ᏬᎩᎷᏨ, ᎠᏍᎪᎯᏧᏈ ᏗᏘᏂᏙᎯ ᎠᏂᏴᎩ ᏚᏲᎯᏎᎸᎩ ᎤᎬᏫᏳᎯᎠᏂᎦᏘᏯ ᏗᏘᏂᏙᎯ; ᏉᎳᏍᎩᏂ ᎠᎦᎵᏍᎪᎸᏁᎸᎩ ᎤᏁᎳᎩ ᎤᏩᏒ ᎤᏕᏗᏱ, ᎠᎴ ᎠᏯᏫᏍᎩ ᎤᎦᏘᏗᏍᏗᏱ.
Esi míeva ɖo Roma la, asrafowo ƒe amegã si ƒe kpɔkplɔ te Paulo nɔ la ɖe mɔ na Paulo be ate ŋu adze afi sia afi si eya ŋutɔ lɔ̃. Ke woɖe asrafo aɖe kpe ɖe eŋu be wòadzɔ eŋu ɣe sia ɣi.
17 ᏦᎢᏃ ᏫᏄᏒᎸ ᎯᎠ ᏄᎵᏍᏔᏅᎩ; ᏉᎳ ᏚᏪᏟᏌᏅᎩ ᏄᏂᎬᏫᏳᏒ ᎠᏂᏧᏏ; ᎤᎾᏓᏟᏌᏅᏃ ᎯᎠ ᏂᏚᏪᏎᎸᎩ; ᎢᏥᏍᎦᏯ ᎢᏓᏓᏅᏟ, ᎠᏴ ᎥᏝ ᎪᎱᏍᏗ ᎦᏥᏍᎦᏅᏤᎸᎯ ᏱᎩ ᏗᎦᏤᎵ ᏴᏫ, ᎥᏝ ᎠᎴ ᎠᎩᏲᏍᏔᏅᎯ ᏱᎩ ᏗᎧᎿᎭᏩᏛᏍᏗ ᏗᎩᎦᏴᎵᎨ ᎨᎩᏁᎸᎯ; ᎠᏎᏃ ᏥᎷᏏᎵᎻ ᏥᏴᎩ ᏓᎬᏆᏘᎾᏫᏛᎲᎩ ᏕᎬᎩᏲᏒᎩ ᎠᏂᎶᎻᏱ.
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le Roma dua me la ƒo ƒu, eye wòƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, edzɔ dzi nam be meva ɖo mia gbɔ afi sia. Medi be mianya be togbɔ be nyemewɔ naneke o, eye nyemeda le kɔnyinyi aɖeke dzi o hã la, Yudatɔ siwo le Yerusalem la lém, eye wotsɔm de asi na Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔ siwo le Yerusalem, be woadrɔ̃ ʋɔnum.
18 ᎾᏍᎩ ᎬᎩᎪᎵᏰᎥ, ᏱᏗᎬᎩᏲᏎᎢ, ᎥᏝᏰᏃ ᎪᎱᏍᏗ ᎠᏲᎱᎯᏍᏗ ᎬᎩᏍᏛᏗᏍᏗ ᏱᎬᎩᏩᏛᎡᎴᎢ.
Esi míeyi ʋɔnua la, Roma dziɖuɖua ƒe ame dɔdɔwo mekpɔ vodada aɖeke le ŋunye o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋunye, elabena wokpɔ be nyemedze na ku abe ale si Yudatɔwo ƒe amegãwo dii ene o.
19 ᎠᏎᏃ ᎠᏂᏧᏏ ᎠᏂᏁᎬ ᎾᏍᎩ ᎤᏂᏐᏅᏤᎸ, ᎠᏎ ᏏᏐᎢ ᏩᎩᎲᏍᏙᏗ ᎾᏆᎵᏍᏓᏁᎸᎩ; ᎥᏝᏍᎩᏂᏃᏅ ᎪᎱᏍᏗ ᏯᎩᎮᎢ ᎦᏥᏳᎢᏍᏙᏗ ᏗᏆᏤᎵᎦ ᏴᏫ.
Ke esi mekpɔ be Yudatɔwo mekpɔ dzidzɔ le ale si wodrɔ̃ ʋɔnua ŋu o, eye wotsi tsitsre ɖe nyametsotsoa ŋu vevie ta la, nye hã megblɔ na ʋɔnua be metsɔ nye nya de asi na Kaisaro le Roma be wòadrɔ̃ ʋɔnum.
20 ᎾᏍᎩ ᏅᏓᎦᎵᏍᏙᏓ ᏥᏫᏨᏯᏅ ᎢᏨᎪᏩᏛᏗᏱ ᎠᎴ ᎢᎦᎵᏃᎮᏗᏱ, ᎢᏏᎵᏰᏃ ᎤᏚᎩ ᎤᏅᏒᎢ ᏅᏧᎵᏍᏙᏔᏅ ᎯᎠ ᏧᏓᏕᏒᏛ ᏨᏆᎸᏍᏗ.
Nya sia tae meyɔ mi vɛ, be makpɔ mi, eye maƒo nu kpli mi ɖo; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la ta woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.”
21 ᎯᎠᏃ ᏅᎬᏩᏪᏎᎸᎩ; ᎥᏝ ᏂᎯ ᎡᏣᏃᎮᏍᎬ ᎪᏪᎵ ᏧᏗᏱ ᏂᏙᏓᏳᏃᏪᎳᏅᎯ ᏱᏙᎩᏃᎮᎭ, ᎥᏝ ᎠᎴ ᎩᎶ ᎢᏓᏓᏅᏟ ᎾᎿᎭᏅᏓᏳᏂᎶᏒᎯ ᎬᏂᎨᏒ ᏱᏂᎨᏨᏁᎴᎢ, ᎥᏝ ᎠᎴ ᎤᏐᏅ ᏱᎨᏣᏃᎮᎴᎢ.
Ameawo ɖo eŋu na Paulo be, “Míawo la, ame aɖeke megagblɔ wò nya aɖeke na mí kpɔ loo alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe mí tso Yudea le ŋuwò kpɔ o. Nɔvi Kristotɔ siwo tso Yerusalem va hã dometɔ aɖeke megblɔ nya aɖeke na mí tso ŋuwò kpɔ o.
22 ᎠᏎᏃ ᎣᎦᏚᎵᎭ ᎢᏨᏯᏛᎦᏁᏗᏱ ᏄᏍᏛ ᎭᏓᏅᏖᏍᎬᎢ, ᎯᎠᏰᏃ ᎤᎾᏓᏤᎵᏛ ᎤᎾᎵᎪᏒᎢ, ᎣᏥᎦᏔᎭ ᏂᎬᎾᏛ ᎨᏥᏃᎮᏍᎬ ᎨᎦᏡᏗᏍᎬᎢ.
Ke míadi be nàɖe wò xɔse la me na mí nyuie, elabena nu si míenya koe nye be, ame aɖeke media Kristotɔwo ƒe nya le teƒe aɖeke o.”
23 ᏕᎬᏩᏒᏍᏓᏁᎸᏃ, ᎤᏂᏣᏛ ᎬᏩᎷᏤᎸᎩ ᎤᏪᏗᏱ; ᎾᏍᎩ ᎬᏂᎨᏒ ᏂᏚᏩᏁᎸᎩ, ᏚᏃᎮᎮᎸᎩ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᎤᎬᏫᏳᎯ ᎨᏒᎢ, ᏑᎾᎴ ᎤᎴᏅᏛ ᎤᏒᎢ ᎬᏗᏍᎩ, ᏓᏍᏗᏰᏗᏍᎬ ᏥᏌ ᎧᏃᎮᏍᎬᎢ; ᏕᎬᏗᏍᎬ ᏗᎧᎿᎭᏩᏛᏍᏗ ᎼᏏ ᎤᏤᎵᎦ ᎠᎴ ᎠᎾᏙᎴᎰᏍᎩ.
Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke.
24 ᎢᎦᏛᏃ ᎤᏃᎯᏳᏅᎩ ᎾᏍᎩ ᎤᏬᏂᏒᎢ, ᎢᎦᏛᏃ ᎥᏝ ᏳᏃᎯᏳᏁᎢ.
Paulo ƒe nyawo sɔ to me na ame aɖewo, eye wotrɔ zu Kristotɔwo; ke ame aɖewo mexɔe se o.
25 ᏚᎾᎦᎴᏅᎲᏃ ᏓᎾᏓᏅᏖᏍᎬᎢ ᏙᎤᏁᏅᏒᎩ, ᏉᎳᏍᎩᏂᏃᏅ ᎠᏏ ᏌᏉ ᎢᎧᏁᏨᎯ ᎤᏁᏨᎩ, ᎯᎠ ᏄᏪᏒᎩ; ᏰᎵᏉ ᎦᎸᏉᏗᏳ ᎠᏓᏅᏙ ᏥᏚᏁᏤᎴ ᏗᎩᎦᏴᎵᎨᎢ, ᎢᏌᏯ ᎠᏙᎴᎰᏍᎩ ᏧᏩᏔᏁᎢ,
Wodzro nyawo me le wo ɖokuiwo me ʋuu hafi kaka dzo. Ke nya si tsi to me na wo, eye wòɖe fu na wo dometɔ geɖewo lae nye esi Paulo gblɔ na wo be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nya si wògblɔ to Nyagblɔɖila Yesaya dzi la le eme tututu be,
26 ᎯᎠ ᏥᏄᏪᏎᎢ; “ᎯᎠ ᏴᏫ ᏘᏩᏛᎱᎦ, ᎠᎴ ᎯᎠ ᏫᏂᏫ; ᎢᏣᏛᎩᏍᎬᎢ ᎢᏣᏛᎩᏍᎨᏍᏗ, ᎠᏎᏃ ᎥᏝ ᏱᏦᎵᎨᏍᏗ, ᎠᎴ ᎢᏥᎪᏩᏘᏍᎬᎢ ᎢᏥᎪᏩᏘᏍᎨᏍᏗ ᎠᏎᏃ ᎥᏝ ᏱᏣᏙᎴᎰᏍᎨᏍᏗ.
“‘Yi dukɔ sia gbɔ, eye nàgblɔ be, “Miaƒe towo ase nyawo, gake miase wo gɔme o. Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu, gake miele si dze gee o.”
27 ᎯᎠᏰᏃ ᏴᏫ ᎤᏂᎾᏫ ᎤᎵᏦᎲᏒ, ᎠᎴ ᏓᏂᎵᎷᎬ ᎦᏂᎵᏳ ᎠᎾᏛᎩᎠ, ᎠᎴ ᏗᏂᎦᏙᎵ ᏚᏂᏍᏚᎭ; ᎾᏍᎩ ᏗᏂᎦᏙᎵ ᏗᎬᏩᏂᎪᏩᏛᏙᏗ ᏂᎨᏒᎾ, ᎠᎴ ᏓᏂᎵᎷᎬ ᏗᎬᏩᎾᏛᎪᏙᏗ ᏂᎨᏒᎾ, ᎠᎴ ᎤᏂᎾᏫ ᎬᏩᏃᎵᏍᏙᏗ ᏂᎨᏒᎾ, ᎠᎴ ᏚᎾᏓᏅᏛ ᏧᏏᏁᏟᏴᏍᏗᏱ ᏂᎨᏒᎾ ᎠᎴ ᏗᎦᎦᏥᏅᏬᏗ ᏂᎨᏒᎾ.”
Elabena miaƒe dziwo ku atri, miaƒe towo sẽ, eye miesea nu o, eye miemiã miaƒe ŋkuwo. Ne menye nenema o la, miakpɔ nu, kple miaƒe ŋkuwo, ase nu kple miaƒe towo, ase nu gɔme kple miaƒe dziwo, eye miatrɔ ɖe ŋunye, eye mada dɔ na mi.’
28 ᎾᏍᎩ ᎢᏳᏍᏗ ᎢᏣᏅᏖᏍᏗ, ᎯᎠ ᎾᏍᎩ ᎠᎵᏍᏕᎸᏙᏗ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᎤᏤᎵᎦ ᏧᎾᏓᎴᏅᏛ ᏴᏫ ᎨᏥᏁᎸᎯ, ᎠᎴ ᎾᏍᎩ ᏛᎾᏛᏓᏍᏔᏂ.
“Eya ta medi be mianya be Mawu ƒe ɖeɖedɔ sia ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ, eye woaɖo toe.” [
29 ᎾᏍᎩᏃ ᏄᏪᏒ, ᎠᏂᏧᏏ ᎤᎾᏓᏅᏒᎩ, ᎤᏅᏒ ᎨᏒ ᎤᏣᏛᎩ ᏭᎾᎵᏃᎮᎸᎩ.
Esi wògblɔ esia la Yudatɔwo dzo, eye nyahehe geɖe ɖo wo dome.]
30 ᏉᎳᏃ ᎤᏃᏍᏛ ᏔᎵ ᏧᏕᏘᏴᏛ ᎤᏁᎳᏛᎩ ᎤᏤᎵᎦ ᎤᏙᎳᏒᎯ ᎠᏓᏁᎸᎢ, ᎠᎴ ᏓᏓᏂᎸᎬᎩ ᏂᎦᏛ ᎬᏩᏩᏘᏍᎩ,
Ke Paulo nɔ afi ma ƒe eve sɔŋ le xɔ si ta wòxe fe ɖo la me, eye ame geɖewo va nɔ ekpɔm ɖa le eƒe aƒe me.
31 ᎠᎵᏥᏙᎲᏍᎬᎩ ᎧᏃᎮᏍᎬᎩ ᎤᏁᎳᏅᎯ ᎤᎬᏫᏳᎯ ᎨᏒᎢ, ᎠᎴ ᏓᏕᏲᎲᏍᎬᎩ ᎧᏃᎮᏍᎬᎩ ᎤᎬᏫᏳᎯ ᏥᏌ ᎦᎶᏁᏛ, ᎤᏍᏗᎤᏅ ᎾᏍᎦᎢᎲᎾ, ᎠᎴ ᎩᎶ ᏄᏅᏍᏓᏕᎲᎾ.
Enɔ gbeƒã ɖem mawufiaɖuƒe la, nɔ nu fiam le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti dzideƒotɔe, eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ le esiawo katã wɔwɔ me o.

< ᎨᏥᏅᏏᏛ ᏄᎾᏛᏁᎵᏙᎸᎢ 28 >