< ՀՌՈՎՄԱՅԵՑԻՍ 1 >

1 Պօղոս, ծառայ Յիսուս Քրիստոսի, կանչուած՝ առաքեալ ըլլալու, նշանակուած՝ քարոզելու Աստուծոյ աւետարանը,
Nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela, eye wodɔe be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la.
2 (որ նախապէս խոստացած էր իր մարգարէներուն միջոցով՝ Սուրբ գիրքերուն մէջ, )
Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me,
3 որ իր Որդիին՝ մեր Տէրոջ՝ Յիսուս Քրիստոսի մասին է - ան մարմինի համեմատ՝ եղաւ Դաւիթի զարմէն,
tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu.
4 ու սրբութեան Հոգիին համեմատ՝ զօրութեամբ սահմանուեցաւ իբր Աստուծոյ Որդի՝ մեռելներէն յարութիւն առնելով -,
To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme.
5 որուն միջոցով շնորհք եւ առաքելութիւն ստացանք՝ որպէսզի բոլոր ազգերը առաջնորդենք իր անունին հաւատքի հնազանդութեան
Azɔ la, to Yesu Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la, ele mía dɔm ɖe xexea me be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexea me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase, eye woaɖo toe.
6 (անոնց մէջ դո՛ւք ալ կանչուած էք Յիսուս Քրիստոսէ).
Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome.
7 ձեր բոլորին՝ որ Հռոմի մէջ էք, Աստուծոյ սիրելիներուդ ու սուրբ ըլլալու կանչուածներուդ, շնորհք եւ խաղաղութիւն ձեզի Աստուծմէ՝ մեր Հօրմէն, ու Տէր Յիսուս Քրիստոսէ:
Mi ame siwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo, kple ame kɔkɔe siwo woyɔ la, Amenuveve kple ŋutifafa tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã.
8 Նախ շնորհակալ եմ ձեր բոլորին համար իմ Աստուծմէս՝ Յիսուս Քրիստոսի միջոցով, որ ձեր հաւատքը կը պատմուի ամբողջ աշխարհի մէջ:
Gbã la, medaa akpe na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã ta, elabena amewo le ɖase ɖim le xexea me godoo tso miaƒe xɔse ŋu.
9 Քանի որ վկայ է ինծի Աստուած, որ ես կը պաշտեմ հոգիովս՝ անոր Որդիին աւետարանը քարոզելով,
Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa Nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo.
10 թէ ի՛նչպէս անդադար կը յիշեմ ձեզ ամէն ատեն՝ աղօթքներուս մէջ, աղերսելով որ վերջապէս անգամ մը յաջողիմ գալ ձեզի Աստուծոյ կամքով:
Medoa gbe ɖa na Mawu be makpɔ mɔnu, ne Mawu lɔ̃ la, be mava mia gbɔ mlɔeba.
11 Որովհետեւ կը տենչամ տեսնել ձեզ՝ որ փոխանցեմ ձեզի հոգեւոր շնորհ մը, որպէսզի ամրանաք.
Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖewo ado ŋusẽ mi,
12 այսինքն ես ալ մխիթարուիմ ձեզի հետ՝ ձեր եւ իմ փոխադարձ հաւատքին միջոցով:
ale be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse.
13 Սակայն չեմ ուզեր որ անգիտանաք, եղբայրնե՛ր, որ յաճախ առաջադրեցի գալ ձեզի, (եւ մինչեւ հիմա արգիլուեցայ, ) որպէսզի ձեր մէջ ալ պտուղ մը ունենամ, ինչպէս միւս հեթանոսներուն մէջ:
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o.
14 Ես պարտական եմ թէ՛ Յոյներուն եւ թէ օտարներուն, թէ՛ իմաստուններուն եւ թէ անմիտներուն:
Enye nye dɔdeasi be magblɔ nyanyui la na Grikitɔwo kple ame siwo menye Grikitɔwo o la, na nunyalawo kple bometsilawo siaa.
15 Ուստի, ինչ կը վերաբերի ինծի, յօժար եմ աւետարանելու նաեւ ձեզի՝ որ Հռոմի մէջ էք:
Eya ta medi vevie be magblɔ nyanyui la na mi ame siwo le Roma hã.
16 Արդարեւ ես ամօթ չեմ սեպեր աւետարանը, քանի որ ան Աստուծոյ զօրութիւնն է՝ ամէն հաւատացեալի փրկութեան համար, նախ Հրեային եւ ապա Յոյնին.
Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti la mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe ŋusẽ si nana be ame sia ame si xɔ Kristo dzi se la nakpɔ xɔxɔ. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, emegbe la, wogblɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã.
17 որովհետեւ անով Աստուծոյ արդարութիւնը՝ որ հաւատքով է՝ կը յայտնուի հաւատքի համար, ինչպէս գրուած է. «Արդարը պիտի ապրի հաւատքով»:
Nyanyui sia ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia, dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene be, “Ame dzɔdzɔe anɔ agbe to xɔse me.”
18 Արդարեւ Աստուծոյ բարկութիւնը երկինքէն կը յայտնուի մարդոց ամբողջ ամբարշտութեան եւ անիրաւութեան վրայ, քանի անոնք անիրաւութեամբ գերի բռնած են ճշմարտութիւնը:
Woɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi me.
19 Որովհետեւ ինչ որ կարելի է գիտնալ Աստուծոյ մասին՝ բացայայտ է իրենց մէջ, քանի Աստուած բացայայտեց զայն անոնց:
Elabena woɖe nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu la me na wo keŋ.
20 Արդարեւ անոր անտեսանելի բաները, այսինքն՝ իր յաւերժական զօրութիւնը եւ աստուածութիւնը, կը տեսնուին աշխարհի արարչութենէն ի վեր ու կը հասկցուին անոր ստեղծածներով, որպէսզի անարդարանալի ըլլան: (aïdios g126)
Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o. (aïdios g126)
21 Թէպէտ իրենք կը ճանչնային Աստուած, Աստուծոյ պէս չփառաւորեցին կամ շնորհակալ չեղան. հապա ունայնացան իրենց մտածումներուն մէջ, եւ իրենց սիրտը անխելքութեամբ՝՝ խաւարեցաւ:
Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro, eye woƒe dzi manyanu la me do viviti.
22 Հաւաստելով թէ իրենք իմաստուն են՝ յիմարացան,
Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ,
23 ու փոխեցին անեղծ Աստուծոյ փառքը՝ նմանցնելով եղծանելի մարդու, թռչուններու, չորքոտանիներու եւ սողուններու պատկերին:
elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kple nutatawo tɔ ene.
24 Հետեւաբար Աստուած ալ մատնեց զանոնք անմաքրութեան՝ իրենց սիրտի ցանկութիւններուն համաձայն, որպէսզի իրենց մարմինները անպատուեն իրենք իրենց մէջ.
Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo.
25 քանի որ Աստուծոյ ճշմարտութիւնը փոխեցին սուտի հետ, եւ ակնածեցան արարածէ՛ն ու պաշտեցին զայն՝ քան Արարիչը, որ օրհնեա՜լ է յաւիտեան: Ամէն: (aiōn g165)
Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatsoe; wosubɔa nuwɔwɔwo, eye wodea ta agu na wo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen. (aiōn g165)
26 Այս պատճառով Աստուած մատնեց զանոնք անպատիւ կիրքերու. քանի որ իրենց էգերն անգամ բնական յարաբերութիւնը փոխեցին բնութեան դէմ եղող յարաբերութեան:
Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la ɖɔli dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome.
27 Նմանապէս արուներն ալ՝ թողուցած էգին բնական յարաբերութիւնը՝ իրենց տռփանքով վառեցան իրարու հետ. արուները արուներու հետ անվայելչութիւն կը գործադրէին, եւ իրենց մոլորութեան արժանի հատուցումը կը ստանային իրենց վրայ:
Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome la ŋu, eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔa woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.
28 Քանի չգնահատեցին պահել Աստուած իրենց գիտակցութեան մէջ, Աստուած ալ մատնեց զանոնք խոտելի միտքի մը՝ ընելու անպատշաճ բաներ:
Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o.
29 Լեցուած ամէն տեսակ անիրաւութեամբ, պոռնկութեամբ, չարութեամբ, ագահութեամբ եւ չարամտութեամբ, լի նախանձով, մարդասպանութեամբ, հակամարտութեամբ, նենգութեամբ ու չարասրտութեամբ, եւ ըլլալով բանսարկու,
Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃ɖiɖi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye amenyagblɔlawo,
30 բամբասող, Աստուած ատող, նախատող, ամբարտաւան, պոռոտախօս, չար բաներ հնարող, ծնողներու անհնազանդ,
ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o.
31 անխելք, ուխտադրուժ, անգութ, անհաշտ եւ անողորմ,
Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo.
32 անոնք՝ գիտնալով հանդերձ Աստուծոյ դատավճիռը, թէ այսպիսի բաներ ընողները արժանի են մահուան, ո՛չ միայն կ՚ընեն այդ բաները, այլ նաեւ բարեացակամ կ՚ըլլան զանոնք ընողներուն հանդէպ:
Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.

< ՀՌՈՎՄԱՅԵՑԻՍ 1 >