< اَلْمَزَامِيرُ 138 >

لِدَاوُدَ أَحْمَدُكَ مِنْ كُلِّ قَلْبِي. قُدَّامَ ٱلْآلِهَةِ أُرَنِّمُ لَكَ. ١ 1
David ƒe ha. O! Yehowa, makafu wò kple nye dzi blibo; madzi wò kafukafuha le mawuwo ŋkume.
أَسْجُدُ فِي هَيْكَلِ قُدْسِكَ، وَأَحْمَدُ ٱسْمَكَ عَلَى رَحْمَتِكَ وَحَقِّكَ، لِأَنَّكَ قَدْ عَظَّمْتَ كَلِمَتَكَ عَلَى كُلِّ ٱسْمِكَ. ٢ 2
Made ta agu do ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ, eye makafu wò ŋkɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta, elabena èkɔ, wò ŋkɔ kple wò nya gbɔ nu sia nu ta sãsãsã.
فِي يَوْمَ دَعَوْتُكَ أَجَبْتَنِي. شَجَّعْتَنِي قُوَّةً فِي نَفْسِي. ٣ 3
Ètɔ nam esi meyɔ wò, eye nède dzi ƒo nam, hedo ŋusẽ nye dzi.
يَحْمَدُكَ يَارَبُّ كُلُّ مُلُوكِ ٱلْأَرْضِ، إِذَا سَمِعُوا كَلِمَاتِ فَمِكَ. ٤ 4
O! Yehowa, anyigbadzifiawo katã akafu wò, ne wose wò numenya.
وَيُرَنِّمُونَ فِي طُرُقِ ٱلرَّبِّ، لِأَنَّ مَجْدَ ٱلرَّبِّ عَظِيمٌ. ٥ 5
Na woadzi ha le Yehowa ƒe mɔwo ŋu, elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe lolo.
لِأَنَّ ٱلرَّبَّ عَالٍ وَيَرَى ٱلْمُتَوَاضِعَ، أَمَّا ٱلْمُتَكَبِّرُ فَيَعْرِفُهُ مِنْ بَعِيدٍ. ٦ 6
Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge.
إِنْ سَلَكْتُ فِي وَسَطِ ٱلضِّيْقِ تُحْيِنِي. عَلَى غَضَبِ أَعْدَائِي تَمُدُّ يَدَكَ، وَتُخَلِّصُنِي يَمِينُكَ. ٧ 7
Togbɔ be mele zɔzɔm le xaxa me hã la, èkpɔ nye agbe ta, eye nèkɔ wò asi dzi do ɖe nye futɔwo ƒe dɔmedzoe ŋu, hetsɔ wò nuɖusi xɔ nam.
ٱلرَّبُّ يُحَامِي عَنِّي. يَارَبُّ، رَحْمَتُكَ إِلَى ٱلْأَبَدِ. عَنْ أَعْمَالِ يَدَيْكَ لَا تَتَخَلَّ. ٨ 8
Yehowa ana eƒe ta me si wòɖo ɖe ŋunye la nava eme. O! Yehowa, wò lɔlɔ̃ li ɖaa, mègagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.

< اَلْمَزَامِيرُ 138 >